Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye esi Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ la, edzi ŋutsuvia ɖe, si ɖii, eye wòyɔe bena Set.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Adam xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ (130) esi wòdzi Set. Ŋutsuvi sia ɖi fofoa ŋutɔ le go ɖe sia ɖe me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 5:3
15 Referans Kwoze  

Eye Adam gadɔ kple srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Set; elabena egblɔ be: Mawu ɖo dzidzime bubu Habel, amesi Kain wu la teƒe nam.


amesiwo dome mí katã hã miezɔna le tsã le miaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime miewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene. —


Menye lãwo katãe nye lã ɖeka ƒomevi o: ke amegbetɔwo ƒe lã le vovo, lãfɔnewo ƒe lã le vovo, tɔmelãwo ƒe lã le vovo, xeviwo ƒe lã le vovo.


Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;


Nusi wodzi tso ŋutilã me la, ŋutilã wònye, eye nusi wodzi tso Gbɔgbɔ me la, Gbɔgbɔ wònye.


Eye dɔla la ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋitɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.


Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nuvɔ̃ le ŋkunye me daa?


Aleke amegbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔ, eye nyɔnu tɔ dzidzia adze?


Ɖe ame dzadzɛ ate ŋu atso ame madzamadza mea? Ɖeka pɛ hã o!


amesi nye Kainan vi, amesi nye Arfaksad vi, amesi nye Sem vi, amesi nye Noa vi, amesi nye Lamex vi,


eye alesi anyigbadzitɔa ƒe nɔnɔme le mia ŋu la, nenema ke dziƒotɔa ƒe nɔnɔme hã nanɔ mia ŋu.


Ewɔ wo wonye ŋutsu kple nyɔnu, eye wòyra wo: eye wòna ŋkɔ wo bena „ame“ le gbesigbe wòwɔ wo.


Esi Adam dzi Set megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite