Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 5:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Eye wòna ŋkɔe bena Noa, elabena egblɔ be: Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Lamek na ŋkɔe be Noa si gɔmee nye “Gbɔdzɔe,” elabena egblɔ be, “Ame sia ahe gbɔdzɔe vɛ na mí tso agbledɔ sesẽ si wɔm míele le anyigba si Mawu ƒo fi dee dzi la me.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 5:29
17 Referans Kwoze  

eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


Eye sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo no la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


eye Noa, Daniel kple Hiob le edzi la. Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Womaɖe ŋutsuvi alo nyɔnuvia ɖeke o, negbe woawo ŋutɔ ƒe agbe ko woaɖe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta.


eye ŋutsu etɔ siawo: Noa, Daniel kple Hiob le edzi la, woaɖe woƒe agbe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Elabena esia le nam abe Noa ƒe tsiɖɔɖɔ ene; alesi mekɔ atam be, Noa ƒe tsiɖɔɖɔ magaɖe anyigba akpɔ o la, nenema ke meka atam be, nyemagado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye nyemagaka mo na wò azɔ o.


Ke esi aha la kɔ le mo na Noa, eye wòse nusi via ɖevitɔ wɔ ɖe eŋu la,


amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me,


amesi nye Kainan vi, amesi nye Arfaksad vi, amesi nye Sem vi, amesi nye Noa vi, amesi nye Lamex vi,


Nusianu, si nɔ anyigba dzi, tso amewo dzi vaseɖe aƒemelãwo kple nu tatawo kpakple dziƒoxe dzodzoewo dzi, wotsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi; negbe Noa kple nusiwo le egbɔ le aɖakaʋua me koe tsi agbe.


Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋuta ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ.


Eye esi Lamex xɔ ƒe alafa ɖeka kple blanyi vɔ eve la, edzi ŋutsuvia ɖe.


Esi Lamex dzi Noa megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ kple blaasieke vɔ atɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite