Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 49:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Dzatavi enye Yuda. Le nuléle ta, vinye, anɔ to dzi. Emlɔ anyi tsyɔ akɔ abe dzatatsu ene, eye abe dzatanɔ ene; ameka ate ŋu aʋuʋui?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Yuda nye dzatavi; si wu nu si wòlé la ɖuɖu nu. Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu ene; eye abe dzatanɔ ene–ame kae ake atse anyɔe?

Gade chapit la Kopi




1 Mose 49:9
11 Referans Kwoze  

Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu kple dzatanɔ ene, ameka le eʋuʋu ge? Ne amea ɖe yra wò la, woayrae; eye ne amea ɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi aɖee.


Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa.


Kpɔ ɖa, dukɔ la tso abe dzatanɔ ene, eye wòto abe dzatatsu ene. Mele akɔ tsyɔ ge anyi o, negbe ɖeko wòaɖu eƒe nuléle, eye wòano amesiwo wowu ƒe ʋu hafi.


Wò alɔ aɖe ɖzl ɖe wò ketɔwo ŋu, eye woatsrɔ̃ wò futɔwo katã!


Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o.


Eye esi dada kpɔ be, yelala dzodzro, eye yeƒe mɔkpɔkpɔ nu tsi la, etsɔ viawo dometɔ ɖeka heɖo dzatae.


emegbe la nuwuwu la ava, esime woatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa, esime wòava aɖe amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu katã ɖa la.


Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo, be womagatrɔ ɖe woƒe Mawu ŋu o, elabena ahasiwɔgbɔgbɔ le wo me, eye womedze si Yehowa o.


Eye wògblɔ le Gad ŋu bena: Woakafu amesi na nɔƒe keke Gad! Etsyɔ akɔ anyi abe dzatanɔ ene, eye wòvuvu abɔ kple ta.


eye dzata wuieve le atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Womewɔ etɔgbe le fiaɖuƒea ɖeke me kpɔ o.


Atrakpuifɔflɔ ade le fiazikpui la ŋu, eye wòtsɔ sika wɔ afɔdodzimagoevi ɖe fiazikpui la ŋu; alɔ eve le anyinɔƒe la ƒe axawo kple eve dzi, eye dzata eve le tsitre ɖe alɔawo ƒe axawo dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite