Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 49:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ruben! wòe nye nye ŋgɔgbevi, nye ŋusẽ kple nye ali me vi gbãtɔ, gbãtɔ le bubu me kple gãtɔ le ŋusẽ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 “Ruben, wòe nye nye viŋutsu tsitsitɔ, nye ɖekakpuimevi. Wòe nye ta le tsitsi kple bubu nu.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 49:3
17 Referans Kwoze  

Eye wòwu woƒe ŋgɔgbeviwo katã le Egipte, woƒe ŋuse ƒe ŋgɔgbeawo le Xam ƒe agbadɔwo me.


ke boŋ wòabu esi melɔ̃na o la ƒe viŋutsu ŋgɔgbevii, eye wòana nusiwo katã le esi lae zi gbɔ zi eve awu; elabena eyae nye eƒe ali me vi gbãtɔ, eye etɔe nye domenyinu la.


Ewo ŋgɔgbeviwo katã lewoƒe anyigba dzi, woƒe ŋusẽwo katã ƒe ŋgɔgbeawo.


Eye Lea fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ruben; elabena egblɔ be: Yehowa kpɔ nye nublanui, azɔ srɔ̃nye alɔ̃m.


Israel ŋgɔgbevi Ruben ƒe viwo nye: Henox. Palu, Xezron kple Karmi.


Israel ŋgɔgbevi Ruben ƒe viwo; elabena eya nye ŋgɔgbea, ke esi wògblẽ kɔ ɖo na fofoa ƒe aba la, wotsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye na Israel vi Yosef ƒe viwo, ke ɖeko womeŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖi abe ŋgɔgbeawo ene o.


Israel viwo nye si: Ruben, Simeon, Lewi kple Yuda, Isaxar kple Zebulon,


Eye woxlẽ ŋutsu, siwo katã xɔ ƒe blave kple vo, eye woate ŋu ade aʋa le Israel-ƒe ŋgɔgbevi Ruben ƒe dzidzimeviwo dome la, ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒewo nu.


Ruben enye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben viwo nye: Xanok, amesi dzi Xanok-ƒome la; Palu, amesi dzi Palu-ƒome la;


Eye Yosef gblɔ na fofoa bena: Fofonye, menye nenema o; esia nye ŋgɔgbetɔ, tsɔ wò nuɖusi da ɖe eƒe ta dzi!


Esiawo nye Israel ƒe vi, siwo va Egipte la, ƒe ŋkɔwo, Yakob kple viaŋutsuwo. Yakob ƒe ŋgɔgbevi enye Ruben.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Laodikea la, ƒe dɔla bena: Amesi nye Amen, ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, gblɔ esiawo bena:


Ruben anɔ agbe, maku o, eye eƒe amewo manya xlẽ o.


Ke esi Israel le nuto sia me la, Ruben de asi fofoa ƒe kosi Bilha ŋu, eye Israel see.


Eye viŋutsu wuieve le Yakob si. Lea viŋutsuwo nye Ruben, Yakob ƒe ŋgɔgbevi, eyome Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar kple Zebulon.


eye amesiwo atsi tre ɖe Ebal-to dzi aƒo fi ade ame, wonye: Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan kple Naftali.


Ruben nexɔ gome ɖeka ɖe Efrayim ƒe liƒo ŋu tso ɣedzeƒe vaseɖe ɣetoɖoƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite