Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 49:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Fofowò ƒe yayra, si gbɔ tonyigba xoxo wɔnuwo kple togbe dzeani, siwo li tegbee ŋu la, ava Yosef ƒe ta dzi kple nɔviawo ƒe amegã ƒe dzodome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 wòana nuɖuɖu kple seƒoƒowo nawɔ na wò fũu, eye wòatsɔ yayra siwo ade kekeke togbɛ siwo anɔ anyi tegbee ƒe liƒowo dzi la na wò. Yayra siawoe ava Yosef, ame si woɖe aboyoe le nɔviawo dome la dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 49:26
18 Referans Kwoze  

Etɔ, eye anyigba ʋuʋu; eɖo ŋku anyi kpɔ nu, eye dzidzi ƒo dukɔwo, blema towo fe kpla, gbaɖegbe togbɛwo ŋe dze eme, eye wòzɔ blema mɔwo dzi.


Tsiwo ɖe to ɖem de keke nye luʋɔ gbɔ; tɔ gɔme le ŋunye godoo, eye avawo xatsa ɖe ta nam.


Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la, mise eƒe nya la! Mia nɔvi, siwo lé fu mi, eye wonyã mi ɖa le nye ŋkɔ ta hele gbɔgblɔm be: „Yehowa nede bubu eɖokui ŋu, ne míakpɔ miaƒe dzidzɔ“ la, ŋukpe alé wo.


Elabena ne towo te ɖa, eye togbɛwo ʋã hã la, nye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o, eye nye ŋutifafa nubabla maʋã o, Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe!


Mata ŋukpe na eƒe futɔwo, ke eƒe fiakuku aklẽ le ta nɛ.


Meta nye kɔkɔenyenye zi ɖeka, nyemada alakpe na Dawid o;


Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nagblɔ na wo bena: Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe ɖe adzɔgbe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa koŋ la,


Ke Midian-sitsalawo va to wo ŋuti yi, eye woɖe Yosef le do la me hetsɔ dzra na Ismaeltɔwo klosalo blave, eye wokplɔ Yosef yi Egipte.


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


Eye esi tɔgbuiawo le ŋu ʋãm Yosef la, wotsɔe ƒle ɖe Egipte; ke Mawu ti kplii,


Tete nɔviawo gblɔ nɛ bena: Ɖe nèle didim be, naɖu fia ɖe mía nu, eye naɖu mía dzia? Tso ekema dzi wogalé fui ɖe dzi wu le eƒe drɔ̃ekuku kple eƒe nyawo ta.


Benyamin enye amegãxi lénu. Ŋdi la eɖua eƒe nuléle, eye fiẽ la emãa eƒe adzonu la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite