Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 49:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 tso fofowò ƒe Mawu la gbɔ, eya akpe ɖe ŋuwò! tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, eya ayra wò! Atsɔ dziƒo nu nyuiwo ayra wò, atsɔ tɔ gɔme nu nyuiwo ayra wò, eye atsɔ notsi kple vidzidɔ geɖe ayra wò!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Mia fofowo ƒe Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la nakɔ dziƒoyayrawo kple anyigbadziyayrawo ɖe dziwò duu, wòana nàdzi asɔ gbɔ,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 49:25
22 Referans Kwoze  

Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò.


Eye wòkpɔ Yehowa le tsitre ɖe eŋgɔ gblɔ bena: Nye enye Yehowa, fofowò Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu: Anyigba, si dzi nèmlɔ la, màtsɔe ana mia kple wò dzidzimeviwo.


Ke nye Mawu la ana miaƒe hiahiã katã nazu nukpɔkpɔ taŋtaŋ le eƒe kesinɔ la nu le ŋutikɔkɔe me le Kristo Yesu me.


Eye megabu le ɖokuiwò me be: Nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple nye asi sesẽe metsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe o;


Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.


Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.


Eɖo ŋu na wo bena: Miaƒe dzi nedze eme, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu kple mia fofo ƒe Mawu la tsɔ kesinɔnu ɖe miaƒe kotokuawo mele adza me. Miaƒe ga la su asinye. Tete wòkplɔ Simeon do go va wo gbɔ.


Mawu ana dziƒozãmu kple anyigba wɔnu wò, eye àkpɔ bli kple wein geɖe fũ ŋutɔ.


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


Nyateƒe amie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye ado mo ɖa tso dziƒo.


eye wòana maganɔ ava fofonye ƒe me dedie la, ekema Yehowa anye nye Mawu.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


eye míaʋu ayi Betel, bena maɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖo tom, esi mele xaxa me, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la!


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!


Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe.


Elabena egblɔ bena: Ne Esau ava dze akpa ɖeka dzi, eye woade zi wo me la, ekema akpa ɖeka nasi adzo.


Eye Yakob gblɔ na Yosef bena: Mawu ŋusẽkatãtɔ la ɖe eɖokui fiãm le Lus le Kanaan-nyigba dzi, eye wòyram


Evelia ƒe ŋkɔ nye Eliezer. Elabena fofonye ƒe Mawu la kpe de ŋunye, eye wòɖem tso Farao ƒe yi nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite