18 Yehowa, wò ɖeɖe la ko lalam mele!
18 Yehowa, wò ɖeɖe la ko mele mɔ kpɔm na.
Yehowa, wò xɔname le dzroyem, eye wò se la enye nye dzidzɔ.
Yehowa, mele mɔ kpɔm na wò xɔname, eye mewɔa wò seawo dzi.
Ke nye la matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu; nye Mawu ase nye gbe.
Ɣemaɣi woagblɔ bena: Kpɔ ɖa, mía Mawu, amesi ŋu míedo ŋu ɖo be, aɖe mi la, enye si; Yehowa, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si! Mina miatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!
Mele mɔ kpɔm na Yehowa, nye luʋɔ le mɔ kpɔm, eƒe nya sinu dzɔm mele.
eye míalala Via tso dziƒo, amesi wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, Yesu, si ɖe mí tso dziku, si gbɔna la me.
elabena nye ŋkuwo kpɔ wò xɔxɔ,
Eye kpɔ ɖa, amea ɖe le Yerusalem, si ŋkɔ enye Simeon: amesia enye ame dzɔdzɔe kple mawumeme, si le Israel aƒe akɔfafa lalam, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe le eyama dzi.
Eye dɔla la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, Mana! Elabena èkpɔ amenuveve le Mawu gbɔ.
Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.
Yehowa ƒe ɖɔme nyo ɖe amesi le dzi ɖom ɖe eŋu, kple luʋɔ si le edim la ŋu.
Ɖe màgagbɔ agbe mí, ne wò dukɔ nakpɔ dzidzɔ de ŋuwò oa?
Dawid ƒe ha na henɔ la.
Oo, ɖe xɔname atso Zion ava na Israel! Ne Yehowa gaɖo eƒe dukɔ te le Yakob atso aseye, eye dzi ladzɔ Israel!
Elabena míawo la Gbɔgbɔ me míele dzɔdzɔenyenye ƒe mɔkpɔkpɔ la lalam le tso xɔse me.
Ke ne míele mɔ kpɔm na nusi míekpɔna kple ŋku o la, míele elalam le dzidodo me.
Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam.
(amesia melɔ̃ woƒe adaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o,) etso Arimatia, si nye Yudatɔwo ƒe dua ɖe la, eye wòle mawufiaɖuƒe la lalam;
Yosef tso Arimatia, si nye adaŋudela ŋkutatɔ, amesi ŋutɔ hã le mɔ kpɔm na Mawu ƒe fiaɖuƒe la va, eye wòdo dzi yi ɖe Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.
Azɔ mia kple nye aƒetɔ Asur-fia mitso gbe, eye matsɔ so akpe eve na wò, be ate ŋu akpɔ sɔɖolawo ado wo dzi hã?
Yehowa, ve mía nu, asiwònu kpɔm míele! Nye míaƒe alɔ ŋdi sia ŋdi kple míaƒe xɔname le hiãɣi!
Eyata mele Yehowa, amesi tsyo nu eƒe ŋku me ɖe Yakob ƒe aƒea la sinu dzɔm, eye mele mɔ kpɔm nɛ.
Kpɔ ɖa, alesi dɔlaŋutsuwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒetɔ ƒe asi ŋu, eye dɔlanyɔnuwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asi ŋui la, nenema míefɔ ŋku ɖe Yehowa, mía Mawu la dzi, vaseɖe esime wòave mía nu.
Yehowa, wò amenuveve kple wò xɔname neva dzinye le wò ŋugbedodo la nu,
Vavã, woɖo ɖe tame be, yewoatutui tso eƒe kɔkɔƒe la; alakpadada sɔe na wo pɛ, woyra ame kple woƒe nu, ke fiƒoɖe le woƒe dzi me. Sela.
Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun.
Eyata Yehowa le lalam, be yeave mia nu, eyata wotso, be yeakpɔ nublanui na mi; elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe Mawu enye Yehowa. Woayra amesiwo katã kpɔa esinu!
Dan enye da tsomɔ, dakpui le afɔmɔe dzi; eɖu sɔ ƒe afɔʋume, eye sɔdola dze anyi megbe megbee.
Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui, fofonye ƒe Mawue, eyata madoe ɖe dzi!
Woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ atutui aƒu anyi; ke ame dzɔdzɔe la akpɔ sitsoƒe le eƒe ku me.
Ke wò la trɔ de wò Mawu ŋu; dzra lɔlɔ̃ kple se la do, eye naɖo dzi de wò Mawu ŋu ɖaa!