Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 48:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke viwòŋutsu eveawo, Efrayim kple Manase, siwo wodzi na wò le Egipte, hafi meva gbɔwò le Egipte la, nazu vinyewo abe Ruben kple Simeon ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 48:5
21 Referans Kwoze  

Elabena Yosef-viwo Manase kple Efrayim le to eve; ke wometso gomea ɖeke na Lewi-viwo ɖe anyigba la dzi o, negbe duwo ko, be woana me, kple gbeɖuƒewo na woƒe lãwo kpakple nusiwo le wo si.


Viŋutsu, siwo On-nunɔla Potifera ƒe vinyɔnu Asnat dzi na Yosef le Egipte-nyigba dzi wonye Manase kple Efrayim.


eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“


Eyata ma anyigba sia na to asiekeawo kple Manase ƒe to afã la, ne wòanye woƒe domenyinu.


esi wotsɔ lɔlɔ̃ ɖo mí ɖi hena vinyenye to Yesu Kristo dzi na eɖokui le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe ŋudzedze la nu,


Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye makpɔ wo ta, abe alesi ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.


Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ be, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo; mekeke nye aʋala ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò ama, meka atam na wò, eye mebia nu kpli wò nèzu tɔnye; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Azɔ ale Yehowa, amesi wo wò Yakob, eye wòme wò Israel la, gblɔ esi: Megavɔ̃ o, elabena meɖe wò, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be: Tɔnye nènye.


Yosef viwo tɔwo aye: Elisama, Amihud vi, tso Efrayim-to la me kple Gamliel, Pedazur vi, tso Manase-to la me.


Mínye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la kɔkɔetɔ menye, eye metia mi tso dukɔwo dome, bena mianye tɔnye.


Le xɔse me Yakob, esime wòle kukum la, eyra Yosef ƒe ŋutsuviawo kple eve, eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu dzi hedo gbe ɖa.


Le nusiawo megbe la wogblɔ na Yosef bena: Fofowò le dɔ lém. Tete wòkplɔ viaŋutsu eveawo, Efrayim kple Manase, ɖe asi.


Ke vi, siwo nèdzi ɖe wo yome la, nanye tɔwo; eye woayɔ woƒe ŋkɔwo ɖe wo nɔviwo ƒe domenyinyi ŋu.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Liƒo, siwo me miamã anyigba la ɖo ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu la enye si: Yosef nexɔ gome eve.


Etsɔ abɔ sesẽ ɖe wò dukɔ la, Yakob-viwo kple Yosef-viwo. Sela.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite