Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 48:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 gblɔ nam bena: Mana nadzi, eye wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi; mana nazu dukɔha, eye matsɔ anyigba sia ana megbewò viwo, be wòanye wo tɔ tegbee.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Egblɔ nam be, ‘Mawɔ wò nàzu dukɔ gã, eye matsɔ Kanaanyigba sia ana wò kple wò dzidzimeviwo, wòanye mia tɔ tegbetegbe.’

Gade chapit la Kopi




1 Mose 48:4
20 Referans Kwoze  

Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.


Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò.


Esi dziƒoʋitɔ ma anyigba na dukɔwo, eye wòkaka ame gbetɔviwo me la, eɖo liƒo na dukɔwo, ɖe alesi Israel-viwo sɔ gbɔe nu.


Eye Israel-viwo dzi hele agbɔ sɔm ɖe dzi ŋutɔŋutɔ, wokeke ta, eye woxɔ anyigba la dzi.


Ke Israel nɔ Egipte le Gosen-nyigba dzi, eye wotsi edzi, eye wodzi viwo hedzi ɖe dzi ŋutɔ.


Eye wògblɔ bena: Nye enye Mawu, fofowò ƒe Mawu la. Megavɔ̃ Egipte yiyi o, elabena mana nazu dukɔ gãa ɖe le afima.


Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me, tso Esau si me; elabena mele evɔ̃m be, ava dze dzinye, eye wòaɖe zi dadawo kple viwo dome.


Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe.


Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã ana wò dzidzimeviwo, eye le wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Woatso aʋa na aƒevi kple kluvi siaa, eye wòanye nye nubabla ƒe dzesi le miaƒe ŋutilã ŋu tegbee.


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Tete wotsɔ dzikpɔlawo ɖo wo nu, bena woate wo ɖe anyi, ne woawɔ dɔ sesẽwo; eye wotu nudzraɖoƒewo na Farao, siwo nye Pitom kple Ramses.


Matrɔ ɖe mia ŋu, eye mana míadzi asɔ gbɔ, eye mawɔ nu, si mebia kpli mi la dzi.


Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.


Eye mana nadzi ɖe dzi ŋutɔ, eye dukɔwo kple fiawo adzɔ tso mewo.


Woanɔ anyigba, si dzi wo fofowo no, eye metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi, woawo kple wo viwo kpakple wo viwo ƒe viwo ana edzi tegbee, eye nye dɔla Dawid anye amegã ɖe wò nu tegbee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite