Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 48:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Emegbe Israel gblɔ na Yosef bena: Mele kuku ge kaba, ke Mawu anɔ anyi kpli mi, eye woakplɔ mi ayi mia togbɛwo ƒe anyigba la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Israel gblɔ na Yosef be, “Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli wò, eye wòagakplɔ wò ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 48:21
29 Referans Kwoze  

Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye la mele kuku ge; ke Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si ŋugbe wodo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Nye ŋutɔ mayi Egipte kple wò, eye ye ŋutɔ magakplɔ wò agbɔe; ke Yosef ahe wò ŋkuyiwo akpe.


Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.


Nye amedzro le anyigba sia dzi, eye manɔ anyi kpli wò, eye mayra wò. Elabena matsɔ anyigba blibo la katã ana mia kple wò dzidzimeviwo, eye mawɔ atam, si meka na fofowò Abraham la dzi.


Tɔ kple nɔ kple dzidzimenya mele esi o; ŋkekewo ƒe gɔmedzedze kple agbe ƒe nuwuwu meli nɛ o; ke boŋ Mawuvi la wòɖi, eye wònɔ anyi nye nunɔla yi ɖe mavɔmavɔ me.


Elabena menyae bena, nye agbadɔ la ɖeɖeɖa la lilim, abe alesi mía Aƒetɔ Yesu Kristo hã ɖee fiam la ene.


Eye le afisia la, amesiwo kuna la, xɔ nuwo ƒe ewolia: ke afime la, amesi ŋuti woɖi ɖase le be, ele agbe la, xɔnɛ.


Elabena nye la wotsɔm le memem xoxo, eye nye dzodzoɣi la gogo.


Elabena Dawid, esi wòsubɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le ye ŋutɔ ŋɔli la, edɔ alɔ̃; eye wotsɔe mlɔ fofoawo gbɔ, eye wòkpɔ nyunyɔ;


Aƒetɔ, azɔ èɖo mɔ wò dɔla le ŋutifafa me le wò nya la nu;


Nu te du bubu me viwo ŋu, eye wodzo nyanyanya hedo le wote mawo me.


Mikpɔ ɖa, mele demagbɔnugbe yi ge, ke miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Madze gɔme egbe ade asi gãɖoɖo me wò le Israel blibo la ŋku me, ne wòadze sii be, alesi mena kple Mose la, nenema ke mana kpli wò hã.


Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.


Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.


Yehowa ŋutɔ adze ŋgɔ-wò, eye wòanɔ anyi kpli wò, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o; megavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.


Ke Yakob nɔ anyigba, si dzi fofoa nye amedzro le la dzi, si enye Kanaan-nyigba la.


Gake hã mava wɔ fu dukɔ, si subɔm wole la, eye le esia megbe la woatsɔ kesinɔnu geɖewo adzoe.


Eye Abram kplɔ srɔ̃a Sarai, kple tɔgãyɔvia Lot, eye wotsɔ woƒe kesinɔnuwo katã kple amesiwo katã wokpɔ le Xaran la, eye woʋu, be wòayi Kanaan-nyigba dzi, eye wova Kanaan-nyigba la dzi.


ekema Yehowa, wò Mawu, aɖe dzɔgbevɔ̃e ɖa le dziwò, eye wòave nuwo, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ, siwo katã dome Yehowa, wò Mawu, kaka mi ɖo la gbã.


Hafi wò dzidzime enelia agatrɔ ava afisia, elabena Amoritɔwo ƒe vodada mesɔ gbɔ vɔ haɖe o.


Esi Israel kpɔ be, yeƒe kuɣi le ɖoɖom la, ena woyɔ via Yosef vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Ne mele vevie na wò la, ekema tsɔ wò asi ɖo nye ali me, eye nave nunye, aɖi anukware nam bena, màɖim ɖe Egipte o;


Farao ɖo ŋu nɛ bena; Yi naɖaɖi fofowò, abe alesi nèka atam nɛ ene!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite