Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 48:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye wòyra wo gbemagbe gblɔ bena: Wò ŋkɔ Israel-viwo atsɔ ayra amewo agblɔ bena: Mawu naɖi na wò abe Efrayim kple Manase ene! Ale wotsɔ Efrayim ɖo tsitsii na Manase.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Ale Yakob yra ɖeviawo gbe ma gbe ale: “Israelviwo nayra wo nɔewo agblɔ be, ‘Mawu nana nuwo nadze edzi na wò abe Efraim kple Manase ene!’ ” Ale wòtsɔ Efraim ɖo tsitsi na Manase.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 48:20
13 Referans Kwoze  

Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!


Mawu ŋusẽkatãtɔ nayra wo, eye wòana nadzi asɔ gbɔ ɖe dzi, bena natrɔ azu dukɔ geɖe.


Esiawo nye ŋutsu, siwo Mose do, be woaɖatsa ŋku le anyigbaa dzi la, ƒe ŋkɔwo Eye Mose yɔ Hosea. Nun vi, be Yosua.


Gadi, Susi vi, amesi nye Yosef ƒomeawo, tso Manase-to la me;


Gamliel, Pedazur vi, amesi nye Manase-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke enyiagbe.


Elisama, Amihud vi, amesi nye Efrayim-viwo ƒe amegã la, na nu le ŋkeke adreagbe.


Hosea, Nun vi, tso Efrayim-to la me;


Le xɔse me Yakob, esime wòle kukum la, eyra Yosef ƒe ŋutsuviawo kple eve, eye wòziɔ ɖe eƒe atitɔɖeŋu dzi hedo gbe ɖa.


Emegbe Israel gblɔ na Yosef bena: Mele kuku ge kaba, ke Mawu anɔ anyi kpli mi, eye woakplɔ mi ayi mia togbɛwo ƒe anyigba la dzi.


Eye Yosef-viwo gblɔ na Yosua bena: Nukaŋuti nèna anyigba kple gome ɖeka pɛ ko mi, evɔ míesɔ gbɔ, eye Yehowa yra mí vaseɖe fifi hafi?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite