Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 48:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete Israel gblɔ na Yosef bena: Nyemesusu be, magakpɔ wo ŋku me o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwò wo gɔ̃ hã.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Israel gblɔ na Yosef be, “Nyemebu tsã be magakpɔ wò o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwòwo hã.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 48:11
9 Referans Kwoze  

Ke amesi tea ŋu wɔna wua nusianu geɖe wua nusiwo katã míebiana alo míedzea si le ŋusẽ, si le dɔ wɔm ŋusẽtɔe le mía me nu la,


Eye wogblɔ nɛ bena: Yosef gale agbe, eye wònye dziɖula le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Ke nya la ka ɖe Yakob, eye mexɔe se o.


Tete wo fofo Yakob gblɔ na wo bena: Vinyewo ko ɖem miele le ŋunye! Yosef meli o, eye Simeon hã meli o, eye miele didim be, miagaxɔ Benyamin hã! Dzinye koe nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖo!


Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã la akɔ nɛ ʋuu do kpoe, ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsieƒe boŋ. Ale fofoa fa nɛ ŋutɔ.


Esi wòɖe ŋku ɖee nyuie la, edo ɣli bena: Vinye ƒe awu enye esia; lã wodaa ɖe vuvui, oo, evuvu Yosef vavã!


Ke Israel tsi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale bena megate ŋu le nu kpɔm o. Eye esi wòkplɔ wo te ɖe eŋu la, ekpla asi kɔ na wo heɖuɖɔ nu na wo.


Emegbe Yosef ɖe wo ɖa le eƒe ata dzi, eye wòdze klo de ta agu.


Eye àkpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!


Amegã ɖeɖi ƒe fiakuku enye viawo ƒe viwo, eye viwo ƒe atsyɔ̃ enye wo fofowo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite