Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 48:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke Israel tsi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale bena megate ŋu le nu kpɔm o. Eye esi wòkplɔ wo te ɖe eŋu la, ekpla asi kɔ na wo heɖuɖɔ nu na wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi kɔ na wo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 48:10
13 Referans Kwoze  

Esi wote ɖe eŋu ɖuɖɔ nu nɛ la, eʋẽ eƒe awu me se; eye wòyrae gblɔ bena: Ehɛ̃, vinye le ʋeʋẽm abe alesi gbe, si Yehowa yra, ʋẽnae ene.


Esi Isak ku amegã ɖeɖi, eye eƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, ale be megale nu kpɔm o la, eya via xoxoetɔ Esau gblɔ nɛ bena: Vinye! Eɖo ŋu nɛ bena: Nyee nye si.


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme, be maxɔ na ame o, eye eƒe to metsi, be mase nu o;


Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri, tsi to nɛ, eye natre eƒe ŋkuwo, ne magakpɔ nu kple eƒe ŋkuwo, wòase nu kple eƒe towo, eye wòase nu gɔme kple eƒe dzi, ne wòatrɔ la me, eye eƒe lãme nahaya o.


Eye wògblẽ nyiawo ɖi fu du kplu Eliya ɖo gblɔ bena: Taflatse, na maɖagbugbɔ nu na fofonye kple danye, emegbe madze yowòme. Eɖo ŋu nɛ bena: Yi nagatrɔ agbɔ, elabena nuka mewɔ na wòa?


Eli xɔ ƒe blaasieke vɔ enyi, eye eƒe ŋkuwo tsi, megate ŋu le nu kpɔm o.


Eva me gbe ɖeka bena, Eli mlɔ emlɔƒe; eƒe ŋkuwo le tsitsim, eye megale nu kpɔm o,


Eyome la eɖuɖɔ nu na nɔviawo katã, eye wòfa avi ɖe woƒe kɔ dzi, emegbe la nɔviawo ƒo nu kplii.


Ke esi Israel kpɔ Yosef viwo la, ebia bena: Amekawoe nye esiawo?


Tete Israel gblɔ na Yosef bena: Nyemesusu be, magakpɔ wo ŋku me o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwò wo gɔ̃ hã.


Mose xɔ ƒe alafa ɖeka blave hafi ku; ke eƒe ŋkuwo metsi o, eye agbe gale eŋu.


esime aƒe ŋu dzalawo dzona nyanyanya, eye ŋutsu kakowo xana gobaa, nyɔnu wɔtulawo dzudzɔa dɔwɔwɔ, elabena womegasɔ gbɔ o; esime fesrenukpɔlawo ƒe mo ɖoa viviti,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite