Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 47:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Esi Israel kpɔ be, yeƒe kuɣi le ɖoɖom la, ena woyɔ via Yosef vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Ne mele vevie na wò la, ekema tsɔ wò asi ɖo nye ali me, eye nave nunye, aɖi anukware nam bena, màɖim ɖe Egipte o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Esi Israel ƒe kuɣi gogo la, eyɔ via Yosef gblɔ nɛ be, “Ka atam nam be yeawɔ nye didi mamlɛtɔ dzi nam: Mègaɖim ɖe Egipte o.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 47:29
28 Referans Kwoze  

Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, wò kuɣi le aƒe tum; yɔ Yosua, eye mia kplii míatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ, ne maɖe se nɛ. Eye Mose kple Yosua woyi ɖatsi tre ɖe Mawu ƒe agbadɔ la gbɔ.


Azɔ, ne miedi be, miave nye aƒetɔ nu, eye miaɖi anukware nɛ la, ekema migblɔe nam; ke ne mielɔ̃ o la, migblɔe nam, bena nenye ɖusi me alo mia mee hã, ne maɖo tae.


Eye Abraham gblɔ na eƒe dɔla tsitsitɔ, si kpɔa eƒe nuwo katã dzi bena. Tsɔ wò asi ɖo nye ali me,


Esi Dawid ƒe kuɣi le aƒe tum la, ede se na via Salomo gblɔ bena:


Le xɔse me esime Yosef ƒe kuɣi ɖo la, eɖo ŋku Israel-viwo ƒe gododo dzi, eye wòde se le eƒe ƒuwo ŋuti.


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


Aƒetɔ, ɖo ŋu, alesi nye agbe le kpuie kple alesi nèwɔ amegbetɔviwo katã dzodzroe!


— elabena woƒe agbe ƒeƒle xɔ asi ŋutɔ, eye aɖo kpoe tegbee, —


Amesiwo le dzi ɖom ɖe woƒe nuwo ŋu, eye wotsɔ woƒe kesinɔnu gbogboawo le adegbe ƒomi.


Yehowa, trɔ kɔ, ne naɖe nye luʋɔ, xɔ nam le wò amenuveve la ta!


Elabena menyae be, àkplɔm ade asi na ku, eye mayi xɔ, si me agbãgbeawo katã ƒoa ta kpli do la me.


Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam.


Ɖe menye aʋa mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Eye ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatedɔwɔla ƒe ŋkekewo ene oa?


Elabena ele be, míaku, eye míele abe tsi, si wokɔ ɖe anyigba, eye womagate ŋu aklui o ene; eye Mawu medea amea ɖeke ɖa o, ke boŋ ebua eme kpɔna be, ne maganyã amesi wonyã la ɖa le eɖokui gbɔ o.


Ne wò azã de, eye nèmlɔ fofowòwo gbɔ la, ekema maɖo viwò, si ɖo tso wò ali me la, ɖe yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.


Yakob ɖo ŋu na Farao bena: Ƒe, siwo katã metsɔ zɔ mɔe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃. Nye agbenɔƒewo mesɔ gbɔ o, eye mekpe hiã geɖe le wo me, eye mede tɔgbuinyewo ƒe ƒe, siwo wotsɔ zɔ mɔe la nu o.


Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!


Tete wògblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, metsi, eye nyemenya nye kugbe o.


Fofonye na meka atam ne bena, ne yeku la, ekema maɖi ye ɖe yɔdo, si yeɖe ɖe Kanaan-nyigba dzi la me. Eyata meɖe kuku, mayi aɖaɖi fofonye, emegbe magatrɔ agbɔ.


Dawid gagblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne menye Yehowae awui, alo eƒe ŋkeke aɖe woaku, alo wòayi aʋa woawui o fi!


Eye wokɔ Asahel ɖaɖi de fofoa ɖiƒe le Betlexem; eye Yoab kple eƒe amewo zɔ zã blibo la, eye ŋu ke de wo le Xebron.


Emegbe Israel gblɔ na Yosef bena: Mele kuku ge kaba, ke Mawu anɔ anyi kpli mi, eye woakplɔ mi ayi mia togbɛwo ƒe anyigba la dzi.


Eye viaŋutsuwo wo nɛ, abe alesi wòde se na wo ene.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, ne èmlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema dukɔ sia atso adze anyigba, si dzi yim wole la, ƒe mawuwo yome, woagblẽm ɖi, eye woatu nu, si mebia kpli wo la.


Tete ŋutsuawo gblɔ nɛ bena: Ne miegblɔ nya sia wose o, eye Yehowa tsɔ anyigba la na mí, gake míeve nuwo o, eye míeɖi anukware na wò o la, ekema míaku ɖe mia teƒe!


Mikpɔ ɖa, mele demagbɔnugbe yi ge, ke miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nyaa ɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite