Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 47:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Tete Yosef gblɔ na dukɔ la bena: Kpɔ ɖa, egbe meƒle mia kple miaƒe anyigbawo na Farao. Mixɔ nuku, ne miaƒã ɖe miaƒe agblewo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Yosef gblɔ na ameawo be, “Meƒle miawo ŋutɔ kple miaƒe anyigbawo na Farao. Blie nye esi, miyi miade agble.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 47:23
15 Referans Kwoze  

Ke amesi tsoa nuku kple abolo hã kea nuƒãla, bene wòakpɔ nuɖuɖu la, ana nuku mi, eye wòana miaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse natsi nyuie,


Azɔ amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?


Elabena alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la,


Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.


Agble yeye me nu naa nuɖuɖu eme dahewo fu; ke amea ɖewo tsrɔ̃na to woƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me.


Amesi de eƒe agble la, akpa abolo fu; ke amesi le nu ƒuƒluwo yome dim la, tagbɔ meli nɛ o.


Amesi mia asi ɖe bli dzi la, amewo aɖo ɖiŋu nɛ, ke yayra ava blidzrala ƒe ta dzi.


Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Fe eve enye si dɔwuame le anyigba dzi, eye wògasusɔ ƒe atɔ̃, siwo me womaŋlɔ nu, eye womaŋe nu o.


Nyinɔ kudɔe adre, siwo vlo, eye wodo ɖe wo yome la, wonye ƒe adre, eye liŋɔ adre, siwo pepi lé wotsi to nu la, wonye ɖɔŋɔliƒe adre.


Ke meƒle nunɔlawo ƒe agblenyigbawo o, elabena nunɔlawo kpɔ wo tɔ gome le Farao gbɔ, eye woɖu gome, si wòxɔ tso Farao gbɔ la; eyata womedzra woƒe anyigbawo o.


Eye ne nuŋeɣi ɖo la, ekema miatsɔ agblemenuawo ƒe atɔ̃liawo ɖeka na Farao; ke atɔ̃liawo ene nanye mia ŋutɔwo mia tɔ, bena miatsɔ ɖe aƒa ɖe agbleawo me, eye ɖe nanye nuɖuɖu na mia ŋutɔwo, mia ƒemetɔwo kple mia viwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite