Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 47:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Nukaŋuti miaku ɖe gbɔwò? Tsɔ bli ƒle mia kple míaƒe agblenyigbawo, bena mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo nanye Farao tɔ! Na bli mí, bena míatsi agbe, eye miagaku, ne míaƒe agblenyigbawo nagazu afuti o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Nu ka ta míaku ɖo? Ƒle mí kple míaƒe agblenyigbawo, eye míawo kple míaƒe agblenyigbawo siaa míazu Farao tɔ. Míadzra mía ɖokuiwo na wò axɔ nuɖuɖu, ekema míatsi agbe, eye anyigba la matsi yame o.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 47:19
11 Referans Kwoze  

Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta.


Míaƒe agbe míetsɔ ɖaɖi aboloe, le yi, si le gbe dzi ta.


Míena ta Egipte kple Asur, ne míakpɔ abolo aɖu aɖi ƒo.


Eƒe amewo katã le hũ ɖem hele abolo dim. Wotsɔ woƒe nu veviwo na ɖe nuɖuɖu la, ne woalé agbe ɖe te. Yehowa, ɖo ŋku anyi nakpɔ alesi woɖo vlom ɖa!


Ela bena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã? Alo nuka amegbetɔ atso ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?


Ke esi ga megale Egipte kple Kanaan-nyigba dzi o la, Egiptetɔwo katã va Yosef gbɔ, eye wogblɔ bena. Na nuɖuɖu mi, nukaŋuti míaku ɖe gbɔwò? Elabena ga vɔ!


Ƒe sia va yi. Le ƒe bubu me la wogava egbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nyaa ɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo ge ɖe mía aƒetɔ si me. Naneke megali miatsɔ na mía aƒetɔ o, negbe mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo koe susɔ.


Tete Yosef ƒle Egiptetɔwo ƒe agblewo katã na Farao. Eye Egiptetɔwo dome amesiame tsɔ eƒe agblenyigba dzra, elabena dɔwuamea nu sẽ ŋutɔ; ale anyigba la katã zu Farao tɔ.


Eye nuɖuɖuawo anye nusi wotu ɖo na anyigba la ɖe dɔŋɔliƒe adre, siwo ava Egipte-nyigba dzi la ŋu, bena ne dɔwuame nagagblẽ anyigba la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite