Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 47:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete wokplɔ woƒe lãhawo ve na Yosef, eye Yosef na bli wo ɖe woƒe sɔwo, alẽhawo kple nyihawo kple tedziwo teƒe, eye wòtsɔ bli kpo wo dzi le ƒe ma me ɖe woƒe lãhawo teƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Ale wotsɔ woƒe nyiwo vɛ na Yosef, eye woxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Egiptetɔwo ƒe sɔwo, alẽwo, nyiwo kple tedziwo katã zu Farao tɔ.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 47:17
7 Referans Kwoze  

Amea ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ame ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.


Baba na amesiwo yi Egipte, be woaxɔ na yewo, woɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe tasiaɖam sɔgbɔwo kple sɔdola geɖewo ŋu; ke womelé ŋku ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu o, eye wo mebia Yehowa ta se o!


Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta.


Woɖakplɔa sɔwo tso Egipte vanɛ na fia Salomo. Fia la ƒe asihawo yina ɖaƒlea sɔwo kple ga.


ekema Yehowa ƒe asi alé wò lãha, siwo le gbedzi, eye adza sesẽa ɖe aƒo sɔwo, tedziwo, kposɔwo, nyiwo kple alẽwo.


Yosef ɖo ŋu bena: Ne ga vɔ le mia si la, ekema mikplɔ miaƒe lãhawo ve, eye mana nuɖuɖu mi ɖe wo teƒe!


Ƒe sia va yi. Le ƒe bubu me la wogava egbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nyaa ɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo ge ɖe mía aƒetɔ si me. Naneke megali miatsɔ na mía aƒetɔ o, negbe mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo koe susɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite