Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 47:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Yosef ɖo ŋu bena: Ne ga vɔ le mia si la, ekema mikplɔ miaƒe lãhawo ve, eye mana nuɖuɖu mi ɖe wo teƒe!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Yosef ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mitsɔ miaƒe lãwo nam ne miaxɔ nuɖuɖu ɖe wo teƒe.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 47:16
7 Referans Kwoze  

Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me, eye miwo ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo.


Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔa ɖe li, eye ne kafukafua ɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!


Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o;


Amesi nu nyateƒe donu le la, gblɔa nusi le eteƒe; ke aʋatsoɖasefo daa alakpa.


Ke esi ga megale Egipte kple Kanaan-nyigba dzi o la, Egiptetɔwo katã va Yosef gbɔ, eye wogblɔ bena. Na nuɖuɖu mi, nukaŋuti míaku ɖe gbɔwò? Elabena ga vɔ!


Tete wokplɔ woƒe lãhawo ve na Yosef, eye Yosef na bli wo ɖe woƒe sɔwo, alẽhawo kple nyihawo kple tedziwo teƒe, eye wòtsɔ bli kpo wo dzi le ƒe ma me ɖe woƒe lãhawo teƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite