Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 47:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Yosef tsɔ nuɖuɖu kpɔ fofoa, nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã dzi, amesiame kple evia.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Yosef na nuɖuɖu wo ɖe ame siwo dzi kpɔm wole la ƒe xexlẽme nu.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 47:12
16 Referans Kwoze  

Makpɔ dziwò le afima, elabena esusɔ ƒe atɔ̃ dɔwuame naganɔ anyi, bena hiã nagatu wò ŋutɔ, viwòwo kple aƒewòmetɔwo katã o.


Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.


Ke ne viwo alo mamayɔviwo le ahosia ɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawo nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzia wo: elabena esia nyo le Mawu ŋku me.


Elabena ŋutilã me veviedodo nyo na nu via ɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu, eye agbe, si li fifi kple esi le vava ge la, ƒe ŋugbedodo la li nɛ.


ke miefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene,


Afa akɔ na wò, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me; elabena lɔ̃xowò, si wò, eye wòde ŋutsuvi adre nu na wò gbɔ edzi lae, dzii na wò!


Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Eye ne nuŋeɣi ɖo la, ekema miatsɔ agblemenuawo ƒe atɔ̃liawo ɖeka na Farao; ke atɔ̃liawo ene nanye mia ŋutɔwo mia tɔ, bena miatsɔ ɖe aƒa ɖe agbleawo me, eye ɖe nanye nuɖuɖu na mia ŋutɔwo, mia ƒemetɔwo kple mia viwo.


Eye eƒe dukɔ la katã zu awɔbamewo tso Egipte ƒe go ɖeka me yi go bubu me.


Tete Yosef yi ɖagblɔ na Farao bena: Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan-nyigba dzi va kple woƒe alẽwo, nyiwo kpakple nusianu, si le wo si la, eye wole Gosen-nyigba dzi.


Eyata migavɔ̃ o, manyi mia kple mia viwo siaa! Ale wòfa ako na wo, eye wòde dzi ƒo na wo.


Ke Mawu dɔm ɖe mia ŋgɔ, bena mia ŋutɔwo kple mia viwo míatsi agbe, eye ame geɖewo nakpɔ ɖeɖe.


Eye nanɔ Gosen-nyigba dzi, ate ɖe ŋunye, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, wò alẽwo kple nyiwo kpakple nusiwo katã le asiwò.


Eye fofoa ƒe aƒe hahoo blibo la aku ɖe eŋu, viwo kple tɔgbuiyɔviwo kple nu kpotoekpotoewo katã, tso agbanuwo dzi vaseɖe goenuwo katã dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite