Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 47:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Emegbe la Yakob yayra Farao, eye wòdzo le Farao gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Yakob gayra Farao hafi dzo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 47:10
12 Referans Kwoze  

Emegbe la Yosef kplɔ fofoa Yakob va fia Farao gbɔ, tete Yakob yra Farao.


Ke ɖikekea ɖeke mele eme o bena, amesi nye gãtɔ la, yra amesi nye suetɔ.


Eye amesiwo tso eme va yina la, magblɔ be: „Yehowa ƒe yayra nenɔ mía dzi, míeyra mi le Yehowa ƒe ŋkɔ me“ o.


Fia la gblɔ be: Kimham neyi kplim, eye mawo nusi nyo ŋuwò la nɛ, eye nusianu, si nèdi tso asinye la, mawɔe na wò.


Toi do via Yoram ɖe fia Dawid, ne wòado gbe nɛ, woadi dzɔgbenyuie ne, eye wõayrae le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer, eye wòsii la ta, elabena Toi kple Hadadezer wole kè me; eye wòhe klosalonuwo, sikanuwo kple akɔblinuwo ɖe asi vɛ.


Esia nye yayra, si Mose, Mawu ƒe ame la, tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.


Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Maƒo nu le wò ɖaseɖiɖi la ŋu le fiawo ŋku me, eye ŋu makpem o.


Eye kpɔ ɖa, Boas tso Betlexem va, eye wògblɔ na nuŋelawo bena: Yehowa anɔ anyi kpli mi! Woɖo ŋu ne bena: Yehowa ayra wò!


Eye Yosef fia nɔƒe fofoa kple nɔviawo, eye wòna anyigba wo le Egipte le Ramses, afisi anyigba nyuitɔ le, abe alesi Farao de se nɛ ene.


Tete Yosua yrae, eye wòtsɔ Xebron na Kaleb, Yefune vi la, ne wòanye eƒe domenyinu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite