Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 46:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wòkplɔ viaŋutsuwo kple tɔgbuiayɔviŋutsuwo, vianyɔnuwo kple tɔgbuiayɔvinyɔnuwo kple eƒe ƒome la katã va Egipte.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Wokplɔ Yakob kple via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, tɔgbuiyɔvia ŋutsuwo kple tɔgbuiyɔvia nyɔnuwo siaa yi Egipte.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 46:7
9 Referans Kwoze  

Eye wokplɔ woƒe lãwo, eye wotsɔ woƒe kesinɔnu, siwo katã wokpɔ le Kanaan-nyigba dzi la, yi Egipte, Yakob kple viawo katã.


Esiawo nye Israel ƒe vi, siwo va Egipte la, ƒe ŋkɔwo, Yakob kple viaŋutsuwo. Yakob ƒe ŋgɔgbevi enye Ruben.


Metsɔ Yakob kple Esau na Isak, eye metsɔ Seir-to na Esau, be wòanye etɔ, ke Yakob kple viawo ya ʋu yi Egipte.


Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o.


Mía fofowo ʋu va Egipte, eye míenɔ Egipte eteƒe didi; ke Egiptetɔwo sẽ ŋuta le mía kple mía fofowo ŋu.


Megadi nyuie alo dzɔgbenyuie na wo le wò agbe me ŋkekewo katã me gbeɖe o.


Eye nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me bena: Fofonye enye Aramtɔa ɖe, si de tsɔtsrɔ ge, eye wòʋu va Egipte; ame ʋeea ɖewo ko wonye henye amedzrowo le afima, ke wodzi ɖe dzi, eye wotrɔ zu dukɔ gã sẽŋua ɖe.


Eye Israel va Egipte, eye Yakob nye amedzro le Xam-nyigba dzi.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tsã la nye dukɔ yi Egipte, be wòanɔ afima, eye Asur tee ɖe anyi yakatsyɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite