Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 46:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Nye ŋutɔ mayi Egipte kple wò, eye ye ŋutɔ magakplɔ wò agbɔe; ke Yosef ahe wò ŋkuyiwo akpe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Mayi Egipte kpli wò, eye magakplɔ wò agbɔe godoo, eye Yosef ŋutɔ ƒe asi amia wò ŋkuwo.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 46:4
10 Referans Kwoze  

Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Tete Yosef dze fofoa dzi, fa avi ɖe edzi, eye wòɖuɖɔ nu nɛ.


Emegbe Israel gblɔ na Yosef bena: Mele kuku ge kaba, ke Mawu anɔ anyi kpli mi, eye woakplɔ mi ayi mia togbɛwo ƒe anyigba la dzi.


Manɔ anyi kpli wò, eye afisiafi, si nayi la, makpɔ dziwò, eye mana nagatrɔ ava anyigba sia dzi. Elabena nyemagblẽ wò ɖi, vaseɖe esime mawɔ nya, siwo megblɔ na wò la dzi o.


Fofonye na meka atam ne bena, ne yeku la, ekema maɖi ye ɖe yɔdo, si yeɖe ɖe Kanaan-nyigba dzi la me. Eyata meɖe kuku, mayi aɖaɖi fofonye, emegbe magatrɔ agbɔ.


Eye viawo tsoe yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔa si, be wòanye ameɖiƒe nɛ.


Eyata medo bena, made mi atso Egiptetɔwo ƒe teteɖanyi la me akplɔ mi ayi Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite