Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 46:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Yuda viŋutsuwo nye: Ger, Onan, Sela, Perez kple Serax: ke Ger kple Onan ku le Kanaan-nyigba dzi. Eye Perez viŋutsuwo nye: Xezron kple Xamul.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 46:12
29 Referans Kwoze  

Yuda vi Sela ƒe viwo nye: Ger, si nye Lexa fofo, Laeda, si nye Maresa fofo, kpakple Asbea ƒe aƒe me aklalalɔ̃lawo ƒe ƒome;


Nuwɔwɔ sia vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata wowu eya hã.


Ke Yuda ƒe ŋgɔgbevi Ger enye ame vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋku me, eyata Yehowa wui.


Eye wògafɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ bena: Azɔ la makafu Yehowa! Eyata wòna ŋkɔe bena Yuda. Emegbe la edzudzɔ vidzidzi.


Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa.


Elabena edze ƒã bena, mia Aƒetɔ la ɖo tso Yuda-to la me, to, si Mose megblɔ nyaa ɖeke na le nunɔlanyenye ŋuti o.


ke boŋ etia Yuda-to la, Zion-to, si wòlɔ̃na.


Elabena Yuda sẽ ŋu le nɔviawo dome, eye amegã dzɔ tso eme; ke ŋgɔgbevinyenye la enye Yosef tɔ.


Dawid vi, siwo wodzi nɛ le Xebron la wonye: eƒe ŋgɔgbea Amnon, si nye Axinoam, Yesreel-nyɔnu la lɔ; evelia nye Daniel, si nye Abigail, Karmel-nyɔnu la to,


Israel viwo nye si: Ruben, Simeon, Lewi kple Yuda, Isaxar kple Zebulon,


Tete Yehowa gblɔ bena: Yuda neho yi; kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la de asi nɛ!


Yuda ƒe yayra enye si. Eye wògblɔ bena: Yehowa, se Yuda ƒe gbe, eye gakplɔe va eƒe dukɔ gbɔ! Tsɔ wò asi wɔ aʋa ɖe eta, eye naxɔe tso eƒe futɔwo si!


Naheson, Aminadab vi, tso Yuda-to lãme;


Eyome la efɔ fu gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Onan.


Lewi ƒe viŋutsuwo nye: Gerson, Kehat kple Merari.


Isaxar viŋutsuwo nye: Tola, Pura, Yob kple Simron.


Eye vi, si Yehowa ana ɖetugbi sia nadzi na wò la, nana wò aƒe nanɔ abe Perez, amesi Tamar ɖzi na Yuda la ƒe aƒe ene!


Utai, Amihud vi, amesi nye Omri vi, amesi nye Imri vi, amesi nye Bani vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome.


Emegbe la egadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Sela. Enɔ Kesib hafi dzii.


Yuda viwo nye: Perez, Xezron, Kelubai, Xur kple Sobal.


Amesiwo tso Serax viwo dome, wonye Yeuel kple nɔviawo, wole ame alafa ade kple blaasieke.


Petaxya, Mesezabeel vi, amesi tso Yuda vi Zerax ƒe viwo la, nye fia ƒe kpeɖeŋutɔ le dukɔ la ƒe nyawo gome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite