11 Lewi ƒe viŋutsuwo nye: Gerson, Kehat kple Merari.
11 Levi ƒe viŋutsuwo: Gerson, Kohat, Merari.
Emegbe wògafɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ bena: Azɔ ko srɔ̃nye aku ɖe ŋunye, elabena medzi ŋutsuvi etɔ nɛ. Eyata wòna ŋkɔe be Lewi.
Amesiwo Dawid ɖo be, wòadzi ha le Yehowa ƒe aƒe la me, tso esime aɖaka la kpɔ gbɔɖemeƒe, wonye esi.
Wo nɔvinyɔnuwo nye Zeruya kple Abigail, eye Zeruya viwo nye Abisai, Yoab kple Asahel; wole wo ame etɔ̃.
Naxeson dzi Salma, Salma dzi Boas,
Israel viwo nye si: Ruben, Simeon, Lewi kple Yuda, Isaxar kple Zebulon,
Esiawo nye Lewi viwo ƒe ŋkɔwo le woƒe dzidzime nu: Gerson, Kahat kple Merari; eye Lewi tsi xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃ vɔ adre.
Simeon viŋutsuwo nye: Yemuel, Yamin, Ohad. Yaxin, Zoxar kple Saul, si enye Kanaan-nyɔnu ƒe vi.
Yuda viŋutsuwo nye: Ger, Onan, Sela, Perez kple Serax: ke Ger kple Onan ku le Kanaan-nyigba dzi. Eye Perez viŋutsuwo nye: Xezron kple Xamul.
Esiawo nye aƒehanuawo le woƒe ƒome la me. Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi, ƒe viwo nye: Henox, Palu, Xezron kple Karmi; esiawo nye Ruben-hawo.