Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 45:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Fe eve enye si dɔwuame le anyigba dzi, eye wògasusɔ ƒe atɔ̃, siwo me womaŋlɔ nu, eye womaŋe nu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ƒe eve koe nye esia dɔwuame la va, eye anɔ anyi wòade ƒe adre esime nuƒaƒã alo nuŋeŋe manɔ anyi o.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 45:6
13 Referans Kwoze  

Tete Yosef gblɔ na dukɔ la bena: Kpɔ ɖa, egbe meƒle mia kple miaƒe anyigbawo na Farao. Mixɔ nuku, ne miaƒã ɖe miaƒe agblewo me.


Eye esi ɖɔ to le afiawo katã la, Yosef ʋu blivawo katã, eye wòdzra blia na Egiptetɔwo. Eye dɔ la nu le sesẽm ɖe dzi le Egipte-nyigba la dzi.


tete dɔŋɔliƒe adreawo dze gɔme, abe alesi Yosef gblɔ ene. Eye dɔ to ɖe anyigbawo katã dzi, ke nuɖuɖu le Egipte-nyigba ya dzi.


eye nyitsuwo kple tedzi, siwo ŋlɔa agble la, aɖu bli tsakatsaka, si me dze le, eye wotsɔ sofi kple gaflo gã dzoboe.


Atsɔ wo ado amegãwo ɖe ame akpe kple ame blaatɔ̃ nu na eɖokui, woaŋlɔ agble nɛ, eye woaŋe nu nɛ, woatu aʋawɔnuwo ne, eye woawɔ tasiaɖam ŋu nuwo nɛ.


Eye du ma me ame tsitsiwo nakplɔ nyinɔ la ayi baba ɖe, si me tɔ makumaku si to la me, afisi womede agble ɖo o, eye womeƒã nu ɖo o, eye woaŋe kɔ le nyinɔ la nu le bali la me afima.


Ŋkeke ade nawɔ da, ke nadzudzɔ le ŋkeke adreagbe; eɖanye agbleŋlɔɣi alo nuŋeɣi o, dzudzɔ ɖokuiwò.


Ƒe sia va yi. Le ƒe bubu me la wogava egbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, míate ŋu aɣla nyaa ɖeke ɖe wò o. Míaƒe ga vɔ, eye míaƒe lãhawo ge ɖe mía aƒetɔ si me. Naneke megali miatsɔ na mía aƒetɔ o, negbe mía ŋutɔwo kple miaƒe agblenyigbawo koe susɔ.


Esia nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Esi Yosef nye ɖekakpuivi xɔ ƒe wuiadre la, enɔa alẽwo kplɔm kple tɔviawo, siwo nye fofoa srɔ̃ Bilha kple Silpa viŋutsuwo, eye ne wowɔ nu vloea ɖe wose la, Yosef va gblɔnɛ na fotoa.


Yosef xɔ ƒe blaetɔ̃, esime wòtsi tre ɖe Egipte-fia Farao ƒe ŋku me. Eye Yosef dzo le Farao gbɔ yi ɖatsa le Egipte-nyigba blibo la dzi.


Esi nuʋãƒe adre, siwo va Egipte-nyigba dzi nu yi vɔ la,


eye woaƒo nuɖuɖuwo nu ƒu le ƒe nyui, siwo gbɔna la me, eye woadzra bliawo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite