Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 45:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yosef gblɔ na nɔviawo bena: Nye enye Yosef! Fofonye gale agbea? Ke nɔviawo lulu le eƒe ŋku me, eye womete ŋu ɖo nyaa ɖeke ŋu nɛ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Egblɔ na nɔviawo be, “Nyee nye Yosef! Fofonye gale agbea?” Ke nɔviawo lulũ ale gbegbe be womete ŋu ke nu o.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 45:3
14 Referans Kwoze  

Eye zi evelia Yosef na nɔviawo dze sii, eye Farao hã va nya Yosef ƒe ƒome.


Eye wògblɔ bena: Wò amekae, Aƒetɔ? Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Nyee nye Yesu, amesi yome tim nèle; asẽ na wò be, nada afɔkpo nutɔnu.


Matrɔ amenuveve kple kokoƒoƒo ƒe gbɔgbɔ akɔ ɖe Ɖawlɖ ƒe aƒe kple Yerusalemtɔwo dzi, eye woafɔ ŋku ɖe amesi woƒo nu ɖo la dzi, woafa konyi nɛ, abe alesi wofaa: konyi na tenuvi ene, eye woafa avi nɛ vevie, abe alesi wofaa avi na vi ŋgɔgbea ene.


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


Eye esi Simon Petro kpɔe la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.


elabena wo katã wokpɔe, eye dzika tso wo ƒo. Ke eƒo nu kpli wo enumake gblɔ bena: Mina miaƒe dzi nadze eme; nyee nye esi, migavɔ̃ o hee!


Eyata vɔvɔ̃ ɖom le eŋku me, eye ne meyi tame la, dzidzi ƒoam.


Azɔ, esi wòɖo dziwò la, wɔna vɔ le ŋuwòa? Azɔ, esi wòdzɔ ɖe dziwò la, dzi ɖe le ƒowòa?


Mina miawui, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe ɖoa ɖe me, eye míagblɔ bena, lã wodaa ɖe vuvui, ekema miakpɔ nusi eƒe drɔ̃e la ava zu.


Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Nyateƒe, mia nɔvi lae nu sia va mía dzi ɖo, elabena esi miekpɔ, alesi dzidzi ƒoe, eye wòƒo koko nam: la, mieɖo tokui! Eyata mieɖo xaxa sia me ɖo.


Ruben xɔ dzi na wo bena: Ɖe nyemegblɔ na mi bena, migada vo ɖe ɖevi la ŋu oa? Ke miesee o, azɔ wole eƒe ʋuhlɔ̃ biam mí.


Eye wòdo gbe na wo nyuie bia wo bena: Mia fofo tsitsi, si ŋu mieƒo nu le nam la, li sesĩe, eye ele agbe mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite