Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 45:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye wogblɔ nɛ bena: Yosef gale agbe, eye wònye dziɖula le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Ke nya la ka ɖe Yakob, eye mexɔe se o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Wodo ɣli gblɔ na wo fofo be, “Yosef le agbe, eye wòzu Egiptenyigba blibo la dzi ɖula!” Ke nya la wɔ moya na Yakob ale gbegbe be mexɔe se o.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 45:26
17 Referans Kwoze  

Ɖeka gblẽm ɖi, eye mesusu be, lãa ɖe vuvui, eye va ɖo egbee nyemegakpɔe kpɔ o.


Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã la akɔ nɛ ʋuu do kpoe, ke egblɔ bena: Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsieƒe boŋ. Ale fofoa fa nɛ ŋutɔ.


Ke esi womexɔe se o le dzi, si dzo wo kple nuku, si wòwɔ na wo ŋuti la, egblɔ na wo bena: Nuɖuɖua ɖe le mia si le afisia mahã?


eye wogblɔ bena: Aƒetɔ la tsi tre vavã, eye wòɖe eɖokui fia Simon.


Eye nya siawo dze le woƒe ŋku me abe bometsinya ene, eye womexɔ wo dzi se o.


Mede towo ƒe agunu ke, eye anyigba do gameti ɖe nunye ɖikaa, ke èhe nye agbe tso do me, Yehowa, nye Mawu!


Mɔzɔha. Esime Yehowa gaɖo Zion le la, míezu abe drɔ̃ekulawo ene.


Etsɔe ɖo aƒetɔ ɖe eƒe aƒe nu kple eƒe nuwo katã dzikpɔlae,


Ne dzi ɖe le wo ƒo la, mekoa nu na wo ŋɔnyɔe, eye womete ŋu nana nye nukomo la ɖoa adã o.


Ne meyɔe, eye wòtɔ nam hã, nyemaxɔe ase be, ele to ɖe nye gbe ŋu o.


Eɖo ŋu bena: Vinye la mayi kple mi o, elabena nɔvia ku, eye eya ɖeka koe susɔ ɖi. Ne dzɔgbevɔ̃ea ɖe adzɔ ɖe edzi le mɔ dzi la, ekema miawoe na nye amegã wɔtamee sia metsɔ konyifafa yi tsiẽƒee.


Tete wo fofo Yakob gblɔ na wo bena: Vinyewo ko ɖem miele le ŋunye! Yosef meli o, eye Simeon hã meli o, eye miele didim be, miagaxɔ Benyamin hã! Dzinye koe nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖo!


Emegbe la wowu gbɔ̃tsua ɖe, eye wotso Yosef ƒe awu la nyrɔ ɖe ʋua me.


Ale wotso le Egipte, eye wova ɖo wo fofo Yakob gbɔ le Kanɔan-nyigba dzi.


Esi wogbɔ va wo fofo Yakob gbã le Kanaan-nyigba dzi la, wogblɔ nya, siwo katã dzo ɖe wo dzi la, nɛ bena:


Tete Israel gblɔ na Yosef bena: Nyemesusu be, magakpɔ wo ŋku me o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwò wo gɔ̃ hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite