Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 45:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye Israel viwo wɔ nenema, eye Yosef tsɔ tasiaɖamwo na wo le Farao ƒe nya la nu, eye wòna mɔ dzi nuɖuɖu hã wo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Yosef tsɔ tasiaɖamwo na Israel ƒe viwo abe ale si Farao gblɔ ene, eye wòtsɔ nu si woaɖu le mɔzɔzɔ me la hã na wo.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 45:21
12 Referans Kwoze  

Ke wò la, gblɔ nusi woawɔ la na wo! Mitsɔ tasiaɖamwo tso Egipte-nyigba dzi ɖe asi hena mia viwo kple mia srɔ̃wo, eye mina mia fofo hã naɖoe ava.


Woatsɔ tasiaɖam kple tasiaɖamfɔ geɖewo ava ƒo ɖe dziwò, woatsɔ akpoxɔnu gã kple via kpakple gakuku adze aʋa ɖe ŋuwò godoo, eye matsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ade asi na wo, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò ɖe woƒe se nu.


Yehowa ta dzɔ, elabena mesẽ to ɖe eƒe nyawo ŋu. Mi dukɔwo katã, misee, eye milé ŋku ɖe nye vevesese ŋu! Nye ɖetugbiwo kple nye ɖekãkpuiwo yi aboyo me.


Mebe: Dzra fia ƒe sedede ɖo le Mawu ƒe atam la te.


Ale woɖo Yehowa ƒe subɔsubɔ blibo lae gbemagbe, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la, eye wosa numevɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi, abe alesi fia Yosiya de se ene.


eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.


Eye Mose tia wo xlẽ, abe alesi Yehowa gblɔ hede se ne la ene.


Eye Israel-viwo ƒe ha blibo la ho tso Sin-gbedzi hele teƒeleƒewo tom, abe alesi Yehowa de se ene, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Refidim. Ke tsia ɖeke meli be, dukɔ la nano o.


Tete Yakob dze mɔ tso Berseba, eye Israel ƒe viŋutsuwo tsɔ wo fofo Yakob kple wo viwo kple wo srɔ̃wo de tasiaɖam, siwo Farao ɖo ɖa la me, be woakplɔ wo ayii.


Ke esi wogblɔ nya, siwo katã Yosef gblɔ na wo la, nɛ, eye wòkpɔ tasiaɖam, siwo Yosef ɖo ɖee, be woaɖo ava la, wo fofo Yakob ƒe dzi gaɖo me.


Eye migana miaƒe ŋkuwo nanɔ miaƒe xɔmenuwo ŋu, eye woƒe nu nave mi o, elabena Egipte-nyigba dzi nu nyuiwo katã lanye mia tɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite