Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 45:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 aɖakplɔ mia fofo kple mia ƒomeawo ava gbɔnye, eye mana anyigba nyuitɔ mi le Egipte, ne miaɖu nu ʋaʋãawo le anyigba la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 eye woakplɔ mia fofo kple miaƒe ƒometɔwo katã ava Egipte, ale be woanɔ afi sia. Gblɔ na wo be, ‘Farao ana teƒe nyuitɔ kekeake wo le Egipte. Mianɔ agbe ɖe anyigba sia ƒe nu nyuiwo dzi!’

Gade chapit la Kopi




1 Mose 45:18
11 Referans Kwoze  

Egipte-nyigba la enye si, na bena woano teƒe nyuitɔ, na fofowò kple nɔviwòwo nanɔ Gosen-nyigba la dzi Eye ne ekpa bena, ame zãzɛwo le wo dome la, ekema natsɔ nye lãhawo ade wo si.


Mawu ana dziƒozãmu kple anyigba wɔnu wò, eye àkpɔ bli kple wein geɖe fũ ŋutɔ.


eya, amesi na wò liƒowo ŋu fa, eye wòtsɔ lu ʋaʋã ɖi ƒoe na wò.


Miɖe nusiwo katã woana mi la, ƒe nyuitɔwo wɔ adzɔ na Yehowa abe nunana kɔkɔe ene.


Metsɔ ami nyuitɔ, wein matsimatsi nyuitɔ kple agblemenu gbãtɔ, siwo woatsɔ vɛ na Yehowa la, na wò.


eye woava me na eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le bali wɔnu ta me la, abe gbotsetse, si ɖi, hafi dzomeŋɔli ɖo, esi, ne amea ɖe kpɔe la, mekpɔa ɖoa asi me hafi wòminɛ o la ene.


Baba na Efrayim-hamulawo ƒe dàdafiakuku kple eƒe atsyɔ̃ ƒe seƒoƒo dzeani yɔyrɔ, si le weinmulawo ƒe bali wɔnu ta me!


anye ne Yehowa ƒe adikãtɔwo avivi nu me na wo, eye woƒe ɣeyiɣi anɔ anyi tegbee;


Ena nyinotsi kpekẽ kple alẽnotsii hekpe ɖe alẽviwo kple agbowo, Basan-nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe amiwo ŋu. Ena bli dokuwoe, eye wòna wein nyuitɔe wòno.


Tete Farao gblɔ na Yosef bena: Gblɔ na nɔviwòawo be, mido agba na miaƒe lãwo, eye míayi Kanaan-nyigba dzi


ekema miaɖo ŋu bena: lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime vaseɖe fifi abe mía tɔgbuiwo ke ene, bena wòaɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nyigba la dzi. Elabena Egiptetɔwo nyoa ŋu lãnyilawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite