Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 44:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ga, si miekpɔ le miaƒe kotokuawo mele blia dzi la, míegatsɔ wo tso Kanaan-nyigba dzi vɛ na wò, aleke awɔ míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe me mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Ɖe míetrɔ ga si míekpɔ le míaƒe blikotokuwo me le Kanaan la vɛ oa? Nu ka ta míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe aƒe me ɖo?

Gade chapit la Kopi




1 Mose 44:8
12 Referans Kwoze  

Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“


Eye wòbena: Kawoe? Yesu gblɔ nɛ bena: Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o; Megaɖi aʋatsoɖase o.


Nya siawo Yehowa gblɔ kple gbe sesẽ tso to la dzi na miaƒe ameha blibo la le dzo, alilikpo kple viviti me, eye megagblɔ ɖeke kpe ɖe wo ŋu o, eye wòŋlɔ wo ɖe kpe eve dzi hetsɔ nam.


Wodo ŋu nɛ bena: Ao, aƒetɔ, nukaŋuti nèle nu ƒom ale? Nu sia wɔwɔ nede megbe xaa tso wò dɔlawo gbɔ!


Migatsɔ ga bubu ɖe asi hekpe ɖe ga, siwo miekpɔ le blia dzi le kotokuawo me la ŋuti. Ɖewohi ɖe woɖe ŋu ɖi.


Ke esi wotrɔ blia le kotokuawo me la, wo dome ɖesiaɖe gakpɔ eƒe gale kotokua me. Eye esi woa kple wo fofo wokpɔ ga la la, wovɔ̃ ŋutɔ.


Ke esi woɖo dɔƒe, eye wo dometɔ ɖeka tu eƒe kotoku, be yeana nu yeƒe tedzi la, tete wòkpɔ be, yeƒe ga le blia dzi le kotokua me.


Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Nyateƒe, mia nɔvi lae nu sia va mía dzi ɖo, elabena esi miekpɔ, alesi dzidzi ƒoe, eye wòƒo koko nam: la, mieɖo tokui! Eyata mieɖo xaxa sia me ɖo.


Tete ŋutsuawo vɔ̃, le esi wokplɔ wo yi Yosef ƒe mee la ta, eye wogblɔ bena: Ga, si miekpɔ le míaƒe kotokuawo me le míaƒe vava gbãtɔ me, tae wokplɔ mi vɛ ɖo, bena woanye zi atsyɔ mía dzi, eye woalé mí kple míaƒe tedziwo awɔ kluviwoe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite