25 Emegbe mía fofo gblɔ bena: Migayi ɖa ƒle bli vɛ.
25 Esi wògblɔ na mí be, ‘Migayi miaƒle nuɖuɖu vɛ’ la,
Eye esi woɖu bli, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ, vɔ la, wo fofo gblɔ na wo bena: Miyi, ne miagaƒle bli vɛ nam!
Ke ne mèlɔ̃ ɖe asi le eŋu na mí o la, ekema míayi o. Elabena ŋutsu la gblɔ na mí bena: ne miekplɔ mia nɔvi ɖe asi vɛ o la, ekema migava ye ŋku me o.
Esi mietrɔ va wò dɔla, fofonye gbɔ la, miegblɔ nye aƒetɔ ƒe nyawo nɛ.
Ke mieɖo ŋu bena: Míate ŋui o! Ne mia nɔvi ɖevitɔ le eme la, eya ko míayi. Elabena miate ŋu ado ɖe ŋutsu la ƒe ŋku me o, ne mia nɔvi ɖevitɔ mele mía me o.