Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 44:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eɖo ŋu bena: Esia wɔwɔ neɖe megbe xaa tso gbɔnye! Amesi gbɔ wokpɔ kplua le la, eya anye nye kluvi: ke miawo miagbugbɔ ayi mia fofo gbɔ faa.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Yosef gblɔ be, “Ao, ame si fi kplu la koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo ya, miyi mia de le mia fofo gbɔ.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 44:17
10 Referans Kwoze  

Amesi tso afia nyui na ame vɔ̃ɖi kple amesi bu fɔ ame dzɔdzɔe la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye na Yehowa.


Míeda akpe na wò, Mawu, míeda akpe na wò, wò ŋkɔ mo kpuiƒe, eye wole wò nukunuwo xlẽm fia.


Israel ƒe Mawu la ƒo nu, Israel ƒe agakpe la gblɔ nam bena: Amesi ɖu amegbetɔwo dzi dzɔdzɔe kple amesi ɖu dzi le mawuvɔvɔ̃ me la,


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Yosef gblɔ na wo bena: Miwɔ esia, ne míatsi agbe, elabena mevɔ̃a Mawu.


be nagawɔ vɔ̃a ɖeke mi o, abe alesi miawo hã miewɔ naneke wò o, ke boŋ nyui sɔŋ ko miewɔ na wò, eye miena nedzo le ŋutifafa me la ene, elabena amesi Yehowa yra nènye.


Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


Eye Yuda ɖo ŋu bena: Nuka miagblɔ na nye aƒetɔ, eye nu ka míaƒo, alo aleke miaɖe mia ɖokui nuí, esi Mawu kpɔ wò dɔlawo ƒe vodada la? Kpɔ ɖa, miawo kple amesi gbɔ wokpɔ kplua le la, miazu nye aƒetɔ ƒe kluviwo.


Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be: Taflatse, nye aƒetɔ! Na wò dɔla naƒo nu kple nye aƒetɔ, eye megabi dzi ɖe wò dɔla ŋu o; elabena èle abe Farao ene.


Eɖo ŋu bena: Enyo, woawɔ nenema, abe alesi miegblɔ ene. Amesi gbɔ woakpɔe ale la, nazu nye kluvi: ke mi ame mamleawo miadzo ayi faa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite