Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 43:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Enumake Yosef tso nuƒoƒo la, eye eƒe dɔme trɔ ɖe nɔvia ŋu, eye wòdi be, yeafa avi; eyata wòyi ɖe eƒe xɔgã me ɖafa avi le afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Tete Yosef tso kpla, eye wòdo go le xɔa me, elabena eƒe lɔlɔ̃ na dadavia, Benyamin ʋuʋu eƒe dzi ale gbegbe be wònɔ nɛ be wòado go aɖafa avi. Eyi eƒe xɔ gã me, eye wòfa avi hehehe.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 43:30
16 Referans Kwoze  

Tete wòtrɔ dzo le wo gbɔ ɖade asi avifafa me, emegbe egatrɔ va wo gbɔ heƒo nu kple wo, eye wòlé Simeon le wo dome hebla le wo katã ŋku me.


Efrayim la, vi vevi kple vi malɔ̃nugbɔa wònye nama? Elabena ne menya ƒo nu le eŋu ko la, nye ŋku nɔa eyama dzi ɖaa; eyata nye dɔme le tɔtrɔm ɖe eŋu, makpɔ nublanui nɛ kokoko, Yehowa ye gblɔe.


Azɔ la ne nuxɔxlɔ̃a ɖe li le Kristo me, ne lolo ƒe dziɖeƒonyaa ɖe li, ne gbɔgbɔ ƒe hadedea ɖe li, ne dɔmetɔtrɔa ɖe kple nublanuikpɔkpɔa ɖe li la,


Elabena Mawue nye nye ɖaseɖila, alesi mi katã miele dzroyem vevie le Yesu Kristo ƒe dɔmetɔtrɔ la me.


Efrayim, aleke matsɔ wo ana, eye matsa wò Israel ade asi? Aleke mawɔ wò abe Adma ene, eye mawɔ wò abe Zeboim ene? Nye dzi trɔ le menye, eye nye nublanuikpɔkpɔ le fiefiẽm wlɔwlɔwlɔ!


Tete nyɔnu, si ƒe vi nye agbagbea, gblɔ na fia la bena: Taflatse aƒetɔ, mitsɔ ɖevi gbagbe la nɛ, eye migaxawui o! Elabena eƒe dɔ me trɔ ɖe via ŋu. Ke ekemea gblɔ bena: Menye tɔnye o, eye maganye eya hã tɔ o, mife eme ko!


Tete wògbã avi doo, ale bena Egiptetɔwo kple Farao-ƒemetɔwo hã see.


Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?


ne medo ŋku wò aɖatsiwo dzi la, edzroam be, makpɔ wò, bene dzidzo nayɔm fũ —


Eyata esi míenye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu,


Eye wo katã wode asi avifafa me vevie ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe ko dzi, eye wogbugbɔ nu ne


Eyata minɔ ŋudzɔ, eye miɖo ŋku edzi bena, le etɔ sɔŋ, zã kple keli, nyemedzudzɔ nuxɔxlɔ̃ mia dome amesiame kple aɖatsiwo o.


hele Aƒetɔ la subɔm kple tamebɔbɔɖeanyi katã kple aɖatsiwo kple tetekpɔ, siwo va dzinye le Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo me;


Yosef na woɖo eƒe tasiaɖam ɖo, eye wòɖoe yi fofoa Israel kpe ge le Gosen. Esi wòkpɔe la, ekpla asi kɔ ne, eye wòfa avi ɖe eƒe ko dzi ʋuu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite