Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 43:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Yuda gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la ka ɖe dzi na mí bena: ne miekplɔ mia nɔvi vɛ o la, ekema migava ye ŋku me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ke Yuda gblɔ nɛ be, “Ŋutsu la te gbe ɖe edzi na mí be, ‘Miagakpɔ nye ŋkume o, negbe ɖeko mia nɔvi la anɔ mia ŋu hafi!

Gade chapit la Kopi




1 Mose 43:3
13 Referans Kwoze  

Tete nègblɔ na wò dɔlawo bena: ne miekplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ o la, ekema migava do ɖe nye ŋku me o.


Ke ne mèlɔ̃ ɖe asi le eŋu na mí o la, ekema míayi o. Elabena ŋutsu la gblɔ na mí bena: ne miekplɔ mia nɔvi ɖe asi vɛ o la, ekema migava ye ŋku me o.


hele nu xam, vevietɔ le nya, si wògblɔ bena, womegale yeƒe ŋku me kpɔ ge akpɔ o la ŋuti. Eye woɖoe ɖa vaseɖe ʋua me.


Eye azɔ, kpɔ ɖa, menyae bena, mi amesiwo katã dome mete hele gbe ƒã dem mawufiaɖuƒea la, miegale nye ŋku me kpɔ ge akpɔ o.


Ɖe mekpɔ nye dukɔ, si le Egipte la, ƒe momenuveve, eye mese woƒe ŋeŋe, eye meɖi va wo ɖe ge, eye azɔ va, ne mado wò ɖe Egipte.“


Absalom ɖo ŋu na Yoab bena: Kpɔ ɖa, medo ame ɖe wò be: va, ne made gbe asi na wò aɖo ɖe fia la bena: Nukaŋuti metso Gesur va? Ɖe metsi afima la, ne nyo nam wu! Azɔ meɖi be, makpɔ fia la ŋku me; eye ne vodadaa ɖe le ŋunye la, ekema newum!


Esi Absalom nɔ Yerusalem ƒe eve, eye mekpɔ fia la ŋku me kpɔ o la,


Eye fia la gblɔ be: Netrɔ yi eƒe me, eye megava kpɔ nye ŋku me o! Tete Absalom trɔ yi eƒe me, eye mekpɔ fia la ŋku me o.


Eɖo ŋu bena: Enyo, mabia nu kpli wò: ke nu ɖeka dim mele tso asiwò; makpɔ nye ŋku me o, negbe ɖeko nakplɔ Saul vinyɔnu Mixal vɛ, hafi ava kpɔ nye ŋku me!


Eye esi woɖu bli, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ, vɔ la, wo fofo gblɔ na wo bena: Miyi, ne miagaƒle bli vɛ nam!


Ne èlɔ̃ ɖe asi le mía nɔvia ŋuti na mí la, ekema míayi aɖaƒle blia vɛ na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite