Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 43:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Tete ŋutsuawo vɔ̃, le esi wokplɔ wo yi Yosef ƒe mee la ta, eye wogblɔ bena: Ga, si miekpɔ le míaƒe kotokuawo me le míaƒe vava gbãtɔ me, tae wokplɔ mi vɛ ɖo, bena woanye zi atsyɔ mía dzi, eye woalé mí kple míaƒe tedziwo awɔ kluviwoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Esi wokpɔ teƒe si wokplɔ wo yinae la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Wogblɔ be, “Ga si wogbugbɔ de míaƒe kotokuawo me la tae. Edi be wòadze abe ɖe míefi ga la ene, ale be yeawɔ mí kluviwo, eye yeaxɔ míaƒe tedziwo.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 43:18
20 Referans Kwoze  

Ke esi wotrɔ blia le kotokuawo me la, wo dome ɖesiaɖe gakpɔ eƒe gale kotokua me. Eye esi woa kple wo fofo wokpɔ ga la la, wovɔ̃ ŋutɔ.


Ke esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eho ŋubiabiãwo katã ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, nuvɔ̃ ku.


Ke esi Herodes see la, egblɔ bena; Yohanes, si nu metso ta le la, eyae tsi tre tso ame kukuwo dome.


Eye wova gblɔ na Dawid ƒe aƒe la bena: Aram ƒu asaɖa anyi ɖe Efrayim. Tete eya kple eƒe dukɔ ƒe dzi ʋuʋu nyanyanya, abe alesi avemetiwo ʋuʋuna le ya nu ene.


Mebu tame, be madze si esia, hiãkame wònye le ŋkunye me,


Ɖe nu vlo wɔlawo, amesiwo le nye dukɔ ɖum, abe alesi woɖua aboloe ene, eye womeyɔa Mawu o la, medze si esia oa?


Wogbã gli gbawoo hegbɔna, eye wole nu gblẽm hezɔna ɖe eme.


Ŋɔdzigbe ɖi le eƒe to me be: Adzoblasu le ƒoƒo ge ɖe edzi le ŋutifafaɣi me.


Ke fofoa kple dadaa medze sii be, Yehowa gbɔ wotso o; elabena mɔnu dim wòle le Filistitɔwo ŋu. Ɣemaɣi la Filistitɔwoe le Israel-viwo dzi ɖum.


Manoax gblɔ na srɔ̃a bena: Miele kuku ge, elabena miekpɔ Mawu!


eye wògblɔ ŋukpenanyawo ɖe eŋu gblɔ bena: Nyemekpɔ viwònyɔnu la aƒe o; evɔ wònye vinyenyɔnu ƒe avɔ enye si hafi. Eye woakeke avɔ la ɖe dumegãwo ŋku me.


eye wògblɔ ŋukpenanyawo ɖe eŋu hegblẽ eƒe ŋkɔ gblɔ bena: Esi meɖe nyɔnu sia, eye medɔ egbɔ, nyemekpɔe aƒe o la,


Eye wògblɔ na nɔviawo bena: Kpɔ ɖa, wogagbugbɔ nye ga nam, eya enye si le nye kotokua me! Tete wolulu, eye wodzo nyanyanya kpo wo nɔewo hegblɔ bena: Nuka enye si Mawu wo ɖe mia ŋu?


Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Nyateƒe, mia nɔvi lae nu sia va mía dzi ɖo, elabena esi miekpɔ, alesi dzidzi ƒoe, eye wòƒo koko nam: la, mieɖo tokui! Eyata mieɖo xaxa sia me ɖo.


Eye ŋutsu la wo, abe alesi Yosef gblɔ nɛ ene, eye wòkplɔ ŋutsuawo yi Yosef ƒe mee.


Eye wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu le xɔa ƒe mo nu, eye woƒo nu kplii gblɔ bena:


Eye Daniel ƒo tatɔawo kple amegãawo ta, elabena gbɔgbɔ triakɔ le eme; eye fia la ɖo be, yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu.


Ke esi woɖo dɔƒe, eye wo dometɔ ɖeka tu eƒe kotoku, be yeana nu yeƒe tedzi la, tete wòkpɔ be, yeƒe ga le blia dzi le kotokua me.


Ga, si miekpɔ le miaƒe kotokuawo mele blia dzi la, míegatsɔ wo tso Kanaan-nyigba dzi vɛ na wò, aleke awɔ míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe me mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite