Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 43:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Migatsɔ ga bubu ɖe asi hekpe ɖe ga, siwo miekpɔ le blia dzi le kotokuawo me la ŋuti. Ɖewohi ɖe woɖe ŋu ɖi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mitsɔ ga teƒe eve ɖe asi, ale be miate ŋu axe ga si wogbugbɔ de miaƒe kotokuwo me la, elabena ɖewohĩ ame aɖe ƒe vodadae,

Gade chapit la Kopi




1 Mose 43:12
12 Referans Kwoze  

Eyome Yosef de se bena, woade bli woƒe kotokuawo me taŋ, atsɔ amesiame ƒe ga ade eƒe kotokua me, eye woana mɔ dzi nuɖuɖu hã wo. Eye wowɔ na wo nenema.


Ke esi wotrɔ blia le kotokuawo me la, wo dome ɖesiaɖe gakpɔ eƒe gale kotokua me. Eye esi woa kple wo fofo wokpɔ ga la la, wovɔ̃ ŋutɔ.


Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.


Ke mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.


eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔa ɖe li, eye ne kafukafua ɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!


Elabena míaƒe tamesusuwo le nu nyui yome, menye le Aƒetɔ la ŋku me ɖeɖeko o, ke le amewo ŋku me hã.


Miganyi naneke ƒe fe le amea ɖeke si o, negbe mía nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko; elabena amesi ke le ame bubu lɔm la, ewu se la nu.


Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me;


Emegbe miakplɔ mia nɔvi la, eye miadze mɔ ayi ŋutsu la gbɔ.


Ke esi mieɖo dzeƒe, eye mietu míaƒe kotokuawo la, amesiame gakpɔ eƒe ga blibo la le eƒe bli dzi le kotokua me; kpɔ ɖa, míegatsɔe ɖe asi vɛ.


Míegatsɔ ga bubu ɖe asi vɛ, be míaƒle bli lae, ke mienyã amesi tso ga la ɖe míaƒe kotokuawo me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite