Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 43:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete wo fofo Israel gblɔ na wo bena: Ne ele alea la, ekema miwɔ ale: Mitsɔ anyigba dzi nu vevia ɖewo de miaƒe kotokuwo me yi ɖana ŋutsu la: lifi kple anyitsi via ɖe, ami ʋeʋẽ, kotoklobo, ayedee kple newo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Ale wo fofo, Israel gblɔ na wo mlɔeba be, “Ne wòanɔ nenema kokoko la, ekema nu suetɔ si miawɔ la koe nye be miado agba na miaƒe tedziwo kple nu nyuitɔ siwo le míaƒe anyigba dzi la: lifi, anyitsi, ami ʋeʋĩ, kotoklobo, ayedee kple newo, eye miatsɔ wo ayi ɖana ŋutsu la.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 43:11
37 Referans Kwoze  

Emegbe wobɔbɔ na anyi, be yewoaɖu nu, kasiaa wokpɔ Ismael-sihawo tso Gilead gbɔna heyina ɖe Egipte, eye woƒe kposɔwo tsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo.


Ɖe atikea ɖeke megale Gilead o, eye gbedalaa ɖeke mele afima oa? Nukaŋuti nye dukɔ mehaya o?


Yuda kple Israel tsa asi kpli wò; wotsɔ Minitɔwo ƒe lu, ƒo, anyitsi, ami kple lili ƒle wò adzɔnuwoe.


Amegbetɔ ƒe nunana naa alɔmeɖeƒee, eye wòkplɔnɛ yia ame ŋkutawo ŋku mee.


Saul gblɔ na eƒe dɔla bena: Ne míeyi ɖe, nuka miatsɔ ayi na ame la? Elabena abolo vɔ le akplɔ me na mi, eye nunanaa ɖeke hã meli miatsɔ ayi na Mawu ƒe ame la o. Nukae heli ma?


Eye esi mekɔ be, woaƒoe ɖe ye nu o la, miezi ɖoɖoe hegblɔ bena: Woawɔ Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.


Dedantɔwo tsa asi kpli wò, ƒukpo geɖewo ƒe asitsatsa le asiwò me, eye wodzra nyiɖuwo kple keyi na wò.


Nye lɔlɔ̃tɔ, ɖe afɔ mi me, eye nanɔ abe sãde alo zivi, si le atike ʋeʋẽe towo dzi ene!


gbe ʋeʋẽewo kple agumetaku, gbekee, botsyo kple dzudzɔ ʋeʋẽe dogbewo katã, mire kple aloe kpakple atike veviwo katã te.


Nɔyinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, wò lɔlɔ̃ vivina loo! Wò lɔlɔ̃ nyo wu wein, eye wo ami ƒe ʋeʋẽ ƒo atike ʋeʋẽewo la.


Adzamenunana faa dɔmedzoe nu, eye zãnunana, si wohe ɖe akɔnu vɛ la, laa adãwɔwɔ nu.


Ame geɖewo wɔa ŋkumenui na bubume, eye amesi naa nu la, amewo katã dzea xɔlɔe.


Amesi Iéa fe nu, eye wòƒua asi akɔ ɖe ehavi nu la, ame manyanue.


Amegbetɔwo ƒe dɔmedzoe anye kafukafu na wò, eye dɔmedzoe ƒe susɔea natsɔ abla ati dzii.


Tarsis-fiawo kple ƒukpowo dzi fiawo atsa nunanawo vɛ, Saba-fiawo kple Seba-fiawo axe nudzɔdzɔ.


Mawu, ɖo wò ŋusẽ te! Oo, Mawu, li ke nusi nèwɔ na mí la!


Yi ɖaƒo Yudatɔ, siwo katã le Susa la nu ƒu, eye mitsi nu dɔ le tanye, migaɖu nu o, eye migano nu o zã kple keli ŋkeke etɔ̃ sɔŋ; mía kple nye nyɔnudɔlawo hã míatsi nu adɔ alea, eye manɔ alea ayi fia la gbɔ menye le sekɔ la nu o, eye ne meku la, ɖe meku!


Ɣemaɣi Babel-fia Berodax-Baladan, Baladan vi, ɖo agbalẽ kple nunanawo ɖe Xizkiya, elabena ese be, Xizkiya lé dɔ.


Eye Axaz tso klosalo kple sika, si le Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe fe nudzraɖoƒe la, wo nunanae ɖo ɖe Asur-fia.


Tete fia la gblɔna Xazael bena: Tsɔ nunana ɖe asi, nayi aɖakpe Mawu ƒe ame la, eye nabia gbe Yehowa le egbɔ be: Mahaya le dɔ sia mea?


Nubabla le mía kpli wò dome, le fofonye kple fofowò dome, kpɔ ɖa, mele nunana, si enye klosalo kple sika la, ɖom ɖe wò. Ne ètu nubabla, si le mia kple Israel-fia Baesa dome la, ekema aho adzo le gbɔnye.


Wo dome amesiame hea nunanawo vɛ ƒeawo tsyo ƒe, siwo nye klosalonuwo, sikanuwo, awuwo, aʋawɔnuwo, atike ʋeʋẽe, sɔwo kple tedzisɔwo.


ke womebu esiwo woxɔ le nudzralawo, asitsalawo kple Arabia-fiawo katã kpakple anyigbadzikpɔlawo si la, ɖe eme o.


Ke azɔ la xɔ nusiwo wò dɔlanyɔnu tsɔ vɛ na nye aƒetɔ la, na ɖekakpui, siwo kplɔ nye aƒetɔ ɖo la!


Ayrae kple kutsetse xɔasi, siwo ɣe na woɖina, kple kutsetse xɔasi, siwo ɣleti na wowɔna.


Mawu ŋusẽkatãtɔ la ana bena, ŋutsu la nave mia nu, eye woaɖe asi le mia nɔvi la kple Benyamin ŋuti na mi. Ke ne vinyewo le bubum hã, ne wònɔ bubum ko dzro.


Yakob ɖo ŋu nɛ bena: Gbeɖe! Ne ave nunye la, ekema xɔ nye nunana la! Elabena mekpɔ wò ŋku me abe Mawu ƒe ŋku mee mekpɔ ene, eye nève nunye.


Eye megblɔ na mi bena: Mixɔ woƒe anyigba la wòanye mia tɔ, eye matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, ana mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si tia mi tso dukɔwo dome.


Ɖe menye hehem míele ɖe megbe o la, anye ne miede zi eve gbɔ xoxo.


Tete ŋutsuawo tsɔ nunanaawo kple ga bubu ɖe asi, eye wokplɔ Benyamin hã hedze mo yi Egipte, eye wova Yosef gbɔ.


Eye wotsa nunanaawo da ɖi, vaseɖe esime Yosef gbɔ le ŋdɔ me, elabena wose bena, yewole nu ɖu ge le afima.


Esi Yosef va aƒea me la, wotsɔ nunana, si wotsɔ vɛ la, yi ne, eye wodze klo de ta agu nɛ.


Asitsalawo tso Saba kple Ragma tsa asi kpli wò; wotsɔ atike nyuitɔ vovovowo, kpe xɔasi vovovowo kple sika ƒle wò adzɔnuwoe.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite