Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 42:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Nɔvi wuieve míenye, eye fofo ɖekae dzi mí. Ke ame ɖeka megali o, eye miaƒe ɖevitɔ tsi fofoa gbɔ le Kanaan-nyigba dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Míegagblɔ nɛ hã be nɔviŋutsu wuievee míenye, fofo ɖeka ƒe viwo; ɖeka ku, eye suetɔ le mía fofo gbɔ le Kanaanyigba dzi.’

Gade chapit la Kopi




1 Mose 42:32
5 Referans Kwoze  

Woɖo ŋu bena: Nɔvi wuieve wò dɔlawo nye, eye ŋutsu ɖeka viwo míenye le Kanaan-nyigba dzi. Ɖevitɔ la tsi fofoa gbɔ, ke ɖeka megali o.


Ke míegblɔ nɛ bena, nyateƒetɔwo míenye, eye míenye ŋkutsalawo o.


Tete ŋutsu, si enye anyigba dzi ɖula la, gblɔ na mí bena: Esia me madze sii ale bena, nyateƒetɔwo míenye: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye, ke mi ame mamleawo mitso bli yi na mia ƒomeawo, bena woatsi dɔwuame nui.


eye esi wògatrɔ va nɔviawo gbɔ la, egblɔ bena: Ɖevia megali o; azɔ afika nye la mayi?


Mikafu Mawu. Aƒetɔ la, le takpekpewo me, mi Israel ƒe agunuviwo!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite