Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 42:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ nam, ekema miaƒe nyawo anye nyateƒe, eye miagaku o. Tete wowɔ nenema.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Ke ele be miakplɔ mia nɔvi suetɔ vɛ nam be manya nenye nyateƒe tom miele, eye makpɔ nublanui na mi.” Wolɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 42:20
12 Referans Kwoze  

Tete nègblɔ na wò dɔlawo bena: ne miekplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ o la, ekema migava do ɖe nye ŋku me o.


Ke ne mèlɔ̃ ɖe asi le eŋu na mí o la, ekema míayi o. Elabena ŋutsu la gblɔ na mí bena: ne miekplɔ mia nɔvi ɖe asi vɛ o la, ekema migava ye ŋku me o.


Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ la vɛ nam, ne manyae bena, menye ŋkutsalawo mienye o, ke boŋ nyateƒetɔwo míenye. Emegbe maɖe asi le mia nɔvi la ŋu na mi, eye miatsa le anyigba la dzi faa.


Esia matsɔ ado mi akpɔe: Mefa Farao be, miadzo le afisia akpɔ o, negbe mia nɔvi ɖevitɔ la koe ava hafi!


Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.


Eye wote ɖe Yosef ƒe aƒedzikpɔla ŋu le xɔa ƒe mo nu, eye woƒo nu kplii gblɔ bena:


Tete wotsɔ bliawo ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wodze mɔ tso afima.


Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.


Ne mietoa nyateƒe la, ekema mina mia nɔvi ɖeka natsi ga me, ke mi mamleawo mitsɔ blia yi na mia ƒometɔwo, bena woatsɔ atsi dɔwuamea nui.


Tete ŋutsu, si enye anyigba dzi ɖula la, gblɔ na mí bena: Esia me madze sii ale bena, nyateƒetɔwo míenye: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye, ke mi ame mamleawo mitso bli yi na mia ƒomeawo, bena woatsi dɔwuame nui.


Eye nègblɔ na wò dɔlawo bena: mikplɔe vɛ nam, ne makpɔ.


Yuda gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la ka ɖe dzi na mí bena: ne miekplɔ mia nɔvi vɛ o la, ekema migava ye ŋku me o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite