Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 42:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wògblɔ bena: Mesee vavã bena, bli le Egipte; miyi ne míaƒle bli le afima na mí, bena míatsi agbe, eye miagaku o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Mese be bli le Egipte. Miyi afi ma miaƒle bli vɛ hafi dɔ nawu mí míaku.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 42:2
11 Referans Kwoze  

Yuda gblɔ na fofoa Israel bena: Ɖe asi le ɖevi la ŋuti nam, bene míadze mɔ ayi, ne míatsi agbe, eye mía ŋutɔwo, wò ŋutɔ kple mía nɔviwo míagaku o.


Ke eya ɖo eŋu gblɔ bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.“


Le ŋkeke mawo me la Xizkiya lé kudɔ. Eye nyagblɔɖila Yesaya, Amoz vi la, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye mele agbe no ge o.


Nyemaku o, ke boŋ mana agbe axlẽ Yehowa ƒe ɖówɔwɔwo afia.


Eyata netsɔ, ne miayi fofonye gbɔ, eye miagblɔ nɛ bena: Ale viwò Yosef gblɔ esi: Mawu ɖom amegãe ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi; va gbɔnye, megahe ɖe megbe o!


Ne èlɔ̃ ɖe asi le mía nɔvia ŋuti na mí la, ekema míayi aɖaƒle blia vɛ na wò.


Eye esi woɖu bli, siwo wotsɔ tso Egipte vɛ, vɔ la, wo fofo gblɔ na wo bena: Miyi, ne miagaƒle bli vɛ nam!


Eye esi Yakob se bena, bli le Egipte la, edo mía fofowo ɖa zi gbãtɔ.


Tete Yosef nɔvi ewo dze mɔ, be woayi aɖaƒle bli le Egipte.


Ke boŋ Yehowa ƒe ŋku le amesiwo vɔ̃nɛ ŋu, amesiwo le eƒe amenuveve sinu kpɔm,


be wòaɖe woƒe luʋɔ tso ku me, eye wòalé woƒe agbe ɖe te le dɔŋɔli.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite