Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 42:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Woɖo ŋu bena: Nɔvi wuieve wò dɔlawo nye, eye ŋutsu ɖeka viwo míenye le Kanaan-nyigba dzi. Ɖevitɔ la tsi fofoa gbɔ, ke ɖeka megali o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Woɖe wo ɖokuiwo nu be, “Amegã, míele nɔviŋutsu wuieve; mía fofo le Kanaan. Mía nɔviŋutsu suetɔ le afi ma le mía fofo gbɔ, eye mía nɔviŋutsu ɖeka ku.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 42:13
26 Referans Kwoze  

eye esi wògatrɔ va nɔviawo gbɔ la, egblɔ bena: Ɖevia megali o; azɔ afika nye la mayi?


Míegblɔ na nye aƒetɔ bena: fofo gale mia si, si ku amegã ɖeɖi, eye wodzi dɔmlɔea nɛ le eƒe amegãkuku me. Ke dadavia ku, eye eya ɖeka koe susɔ na dada, eye fofoa lɔ̃nɛ.


Nɔvi wuieve míenye, eye fofo ɖekae dzi mí. Ke ame ɖeka megali o, eye miaƒe ɖevitɔ tsi fofoa gbɔ le Kanaan-nyigba dzi.


Woɖo ŋu bena: Ŋutsu la bia mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒome ta se kolokolo bena: Ɖe mia fofo gale agbea? Ɖe nɔvi gale mia sia? Eye mieʋu me ne, abe alesi wòle ene. Ɖe míenyae bena, agblɔ na mí be, míkplɔ mía nɔvi vɛ mahã?


„Wose ɣlidodo le Rama, avifafa kple nublanuiɣli geɖe; Raxel le fafam na viawo, eye mele lɔlɔ̃m bena, woafa akɔ na ye o, elabena womegali o.“


Esi Herodes kpɔ bena, nunyalawo flu ye la, edze agbo ɖo dɔmedzoe ŋutɔ, eye wòdɔ woɖawu ŋutsuvi, siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo katã me, esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o, ɖe alesi wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso nunyalawo gbɔe la nu.


Mia fofowo wɔ nuvɔ̃, eye womegali o, ke míawo míele woƒe vodadawo tsɔm.


Ale Yehowa gblɔ esi: Wose konyifagbe le Rama kple avifafa vevie, Raxel le fafam na viawo, eye wogbe be, womegafa akɔ na ye le ye viwo ŋuti o, le esi womegali o la ta.


Eye wogblɔ nɛ bena: Yosef gale agbe, eye wònye dziɖula le Egipte-nyigba blibo la katã dzi. Ke nya la ka ɖe Yakob, eye mexɔe se o.


Ɖeka gblẽm ɖi, eye mesusu be, lãa ɖe vuvui, eye va ɖo egbee nyemegakpɔe kpɔ o.


Eɖo ŋu bena: Vinye la mayi kple mi o, elabena nɔvia ku, eye eya ɖeka koe susɔ ɖi. Ne dzɔgbevɔ̃ea ɖe adzɔ ɖe edzi le mɔ dzi la, ekema miawoe na nye amegã wɔtamee sia metsɔ konyifafa yi tsiẽƒee.


Tete wo fofo Yakob gblɔ na wo bena: Vinyewo ko ɖem miele le ŋunye! Yosef meli o, eye Simeon hã meli o, eye miele didim be, miagaxɔ Benyamin hã! Dzinye koe nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖo!


Mí katã ŋutsu ɖeka viwo míenye, eye nyateƒetɔwo míenye: wò dɔlawo menye ŋkutsalawo o.


Eɖo ŋu na wo bena: Kpao, mɔnu ɖi ge mieva le anyigba la ŋu!


Eye Yosef xɔ dzi na wo bena: Ele me kokoko bena, ŋkutsalawo míenye!


Esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ dadavia Benyamin la, ebia bena: Esia nye mia nɔvi ɖevitɔ, si ŋu mieƒo nu le nam mahã? Eye wõgblɔ be: Mawu nayra wò, vinye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite