Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 41:34 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eyata Farao nadi dzikpɔlawo aɖo anyigba la dzi kaba, bena ne nuɖuɖu do agbogbo ɖe anyigba dzi le ƒe adreawo me la, woadzɔ nuawo ƒe atɔ̃lia,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

34 Mina Farao natia dɔdzikpɔla ɖe anyigba la dzi be woaxɔ Egipte ƒe nuŋeŋe ƒe atɔ̃lia ɖeka le ƒe adreawo me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 41:34
14 Referans Kwoze  

Eye esi wòyɔ eƒe aƒetɔ ƒe fenyilawo katã va egbɔ ɖekaɖeka la, egblɔ na gbãtɔ bena: Ho nenie nènyi le nye aƒetɔ si mahã?


Ne nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e la, eɣlaa eɖokui; ke ame bebewuwo dea ta eme, eye wòle na wo be, woakpɔ wo tɔnua.


Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.


be wòaɖe woƒe luʋɔ tso ku me, eye wòalé woƒe agbe ɖe te le dɔŋɔli.


Le dɔŋɔli la aɖe wò tso ku me, eye le, aʋa me la aɖe wòtso yi nu.


Yoel, Zixri vi, le wo nu, eye Yuda, Hasenua vi, nye ame evelia le dua nu.


Ŋutsuawo wɔ dɔla le anukware me. Eye wotsɔ Yaxat kple Obadya, amesiwo nye Lewi-viwo tso Merari viwo dome, kple Zaxarya kpakple Mesulam, amesiwo tso Kehat viwo dome, do wo nu; eye wotsɔ Lewi-vi, siwo katã nya saŋkuƒoƒo la,


Eye Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔla, siwo wotso ɖo ame akpewo kple ame alafawo nu, amesiwo gbɔ tso aʋa la ŋuti.


Azɔ Farao nedi ame, si dze aɖaŋu, eye tagbɔ li nɛ ta, ɖo Egipte-nyigba la nu.


eye woaƒo nuɖuɖuwo nu ƒu le ƒe nyui, siwo gbɔna la me, eye woadzra bliawo ɖo ɖe avawo me le duwo me na Farao.


Eye ne nuŋeɣi ɖo la, ekema miatsɔ agblemenuawo ƒe atɔ̃liawo ɖeka na Farao; ke atɔ̃liawo ene nanye mia ŋutɔwo mia tɔ, bena miatsɔ ɖe aƒa ɖe agbleawo me, eye ɖe nanye nuɖuɖu na mia ŋutɔwo, mia ƒemetɔwo kple mia viwo.


Eye Yosef tsɔe wɔ see na Egiptetɔwo vaseɖe egbegbe bena, woatsɔ woƒe agblemenuwo ƒe atɔ̃liawo ɖeka ana Farao; negbe nunɔlawo ƒe anyigbawo koe menye Farao tɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite