Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 40:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke ena wohe aboloƒolawo ƒe amegã ya ɖe ati ŋu, abe alesi Yosef ɖe egɔme na wo ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 ke etso kufia na aboloƒolawo ƒe amegã ya be woatɔ eƒe ŋutilã ɖe ati nu abe ale si Yosef gblɔe do ŋgɔ tututu ene.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 40:22
11 Referans Kwoze  

Le ŋkeke etɔ̃agbe la Farao atso ta le nuwo, eye woahe wò ɖe ati ŋu, eye xeviwo ava ɖu wò ŋutilã.


Mía fofowo ƒe Mawu la fa Yesu ɖe tsitre, amesi miawo miewu, esime miehee ɖe ati ŋuti.


elabena gbɔgbɔ triakɔ, sidzedze kple nunya le esi, eye wòdea drɔ̃ewo, adzowo kple nya manyatanuwo gɔme; eyama nye Daniel, amesi fia la tsa ŋkɔ na be Beltsazar. Eyata woayɔ Daniel va, ekema aɖe egɔme.


Ke nye la, menye esi nunya le asinye wu agbagbeawo katã ta, wode nya ɣaɣla sia fiam ɖo o, ke boŋ, be woaɖe egɔme na fia la, eye nadze si wò dzimesusuwo.


Yehowa be: Nyagblɔɖila, si ku drɔ̃e la, nelĩ drɔ̃e, eye amesi si nye nya le la, negblɔ nye nya le nyateƒe me; tsro gbɔ nya kae tsɔ lu gbɔ nya?


Tete Yosef ɖo ŋu na Farao bena: Gbeɖe, menye nyee o; ke Mawu agblɔ nusi enyo la na Farao.


Woɖo eŋu nɛ bena: Míeku drɔ̃e, gake amesi aɖe egɔme, meli o. Tete Yosef gblɔ na wo bena: Alo drɔ̃e gɔmeɖeɖe la menye Mawu fɔe oa? Gake milii nam ko!


Le nya siawo megbe la Egipte-fia ƒe ahakula kple aboloƒola woda vo ɖe woƒe aƒetɔ, Egipte-fia ŋuti.


Eye wohe Haman ɖe ati, si wotu ɖe Mardoxai ŋu la ŋuti Azɔ fia ƒe dziku la nu fa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite