Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 4:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye wodzi ŋutsuvi na Set hã, eye wòna ŋkɔe bena Enos. Le ɣemaɣi me la wode asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Esi Set tsi la, edzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Enos. Le ɣe ma ɣi me la, amewo de asi Yehowa ŋkɔ yɔyɔ me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 4:26
17 Referans Kwoze  

Wòe mase ekpedavɔ na, eye mayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.


Emegbe miayɔ miaƒe mawu ŋkɔ, eye nye hã mayɔ Yehowa ŋku, eye wòava me be, mawu, si atso dzo atɔe la, eyae nye Mawu. Tete dukɔ blibo la do ɣli gblɔ bena: Gbe la medze vɔ o.


Emegbe makɔ nuyi ŋu na dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.


Eye wòʋu tso afima yi ɖe to dzi le Betel ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖi; eɖe Betel ɖe ɣetoɖoƒe kple Ai ɖe ɣedzeƒe, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa heyɔ Yehowa ŋkɔ le afima.


amesi nye Enos vi, amesi nye Set vi, amesi nye Adam vi, amesi nye Mawu tɔ.


Le ŋkeke mawo me la woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi bɔkɔɔ, eye ŋkɔ, si woayɔ nɛ la, anye „Yehowa míaƒe dzɔdzɔenyenye.“


Tete wòɖi vɔsamlekpui heyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ dzi le afima, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe afima. Emegbe Isak fe dɔlawo ɖe vudo ɖe afima hã.


woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto la, amesiwo wowɔ kokoe le Kristo Yesu me, tame kokoe, siwo woyɔ kple amesiwo katã yɔa mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi le afisiafi le wo gbɔ kple mía gbɔ la:


Elabena amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.


Eye wòva me bena, ƒe blibo ɖeka woƒo ƒu le hame la me, eye wofia nu ameha gãa ɖe, eye bena Antioxia woyɔ nusrɔ̃lawo le gbã be kristotɔwo.


Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.“


Míezu abe amesiwo dzi mèɖu fia ɖo kpɔ o, kple amesiwo ŋu womeyɔ wò ŋkɔ ɖo kpɔ o la ene. Oo, esi nahadze dziŋgɔli aɖi ɖe anyi, eye towo nadzo kpekpekpe le ŋkuwò me.


Misee, Yakob ƒe aƒe, mi amesiwo tso Israel ƒe ŋkɔ, eye miedzɔ tso Yuda ƒe tsidzɔƒewo, mi amesiwo taa Yehowa ƒe ŋkɔ, eye miekafua Israel ƒe Mawu la, ke menye le nya teƒe kple dzɔdzɔenyenye me o.


Amesi agblɔ be, Yehowa tɔ ye nye, ame keme atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu aŋlɔ Yehowa ɖe eƒe asi ŋu, eye wòaƒo Israel ŋkɔ ɖo na eɖokui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite