Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 4:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye Kain da kple srɔ̃a, eye wòfɔ fu dzi Henox. Eye wòtso du, tso via ƒe ŋkɔ na du la bena Henox.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Kain srɔ̃ fɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Enɔk. Esia ta esi Kain tso du aɖe la, etsɔ via ƒe ŋkɔ nɛ be Enɔk.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 4:17
11 Referans Kwoze  

Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo.


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Ke esi Absalom le agbe la, eɖo kpea ɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsua ɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ vaseɖe egbe be Absalom ƒe ŋkuɖodzikpe.


Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!


Esi wòdzi Metusala megbe la, Henox zɔ kple Mawu ƒe alafa etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Eye esi Yered xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaade vɔ eve la, edzi Henox.


Eye Kain dzo le Yehowa ƒe ŋku me, eye wòva nɔ Nod-nyigba dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe gome.


Eye wodzi Irad na Henox, eye Irad dzi Mehuyael, eye Mehuyael dzi Metusael, eye Metusael dzi Lamex.


Wole tame enye be, yewoƒe xɔwo anɔ anyi tegbetegbe, yewoƒe nɔƒewo anɔ anyi na dzidzimewo katã, eye woyɔa woƒe ŋkɔwo ɖe anyigbawo ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite