Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 4:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye Kain dzo le Yehowa ƒe ŋku me, eye wòva nɔ Nod-nyigba dzi le Eden ƒe ɣedzeƒe gome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Ale Kain dzo le Yehowa ƒe ŋkume, eye wòyi ɖanɔ Nodnyigba si le Edenbɔ ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la dzi.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 4:16
19 Referans Kwoze  

Elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yerusalem kple Yuda ŋu, vaseɖe esime wòtsɔ wo ƒu gbe le eƒe ŋku ta. Eye esi Zedekiya dze aglã ɖe Babel-fia ŋu la,


eyata kpɔ ɖa, makɔ mi ɖe dzi, eye matsɔ mia kple du, si metsɔ na mia kple mia fofowo la, aƒu gbe tso ŋkunye me,


Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me hekplɔ ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome vaseɖe eƒe dzodome.


Elabena le Yehowa ƒe dɔmedzoe la ta wòva me na Yerusalem kple Yuda alea, vaseɖe esime wòte wo da le eƒe ŋku la. Eye Zedekiya dze aglã ɖe Babel-fia ŋu.


Gake Yehowa ve wo nu, ekpɔ woƒe nublanui, eye wòtrɔ ɖe wo ŋu le nu, si wòbia kple Abraham, Isak kple Yakob la ta, eye meɖi be, yeagblẽ wo o, eye meɖe woɖa le eƒe ŋkuta o vaseɖe fifi.


Esi dukɔ blibo la se dziɖegbe kple kpẽawo ƒe ɖiɖi, eye wokpɔ dzikedzo kple alesi toa le dzudzɔ tumi la, dukɔ la dzo nyanyanya, eye wotsi tre ɖe adzɔge ke.


Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum.


Eye esi wose Yehowa Mawu ŋkɔ le anyinufaɣi le abɔa me la, amea kple srɔ̃a woɣla wo ɖokui ɖe Yehowa Mawu ɖe abɔmetia ɖe te.


elabena woa ŋutɔwo gblɔa nya fiana le mía ŋuti, vava, si ƒomevi me mieva mia gbɔ le, kple alesi mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la,


Ele xexea me, eye wowɔ xexeame to eyama dzi, eye xexeame medze sii o.


Wowɔ nuwo katã to eyama dzi, eye eya manɔme la womewɔa naneke, si wowɔna o.


ekema miade asi gbɔgblɔ me bena: Mieɖu nu, eye mieno nu le ŋkuwò me, eye nèfia nu le míaƒe ablɔwo me.


Elabena afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo te nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.


Mawu tso, eƒe futɔwo ka hlẽ, eye eƒe ketɔwo si le eŋku me.


Mawu, bu fɔ wo! Woƒe adaŋudedewo netsɔ wo ƒu anyi, tu asi wo ƒu anyi le woƒe dzidada gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò!


Makpɔ dzidzɔ le tɔʋuwo kple tɔsisiwo, esiwo me anyitsi kple notsi kpekẽ le sisim la la ŋu o.


Yehowa gblɔ na Satana be: Kpɔ ɖa, eƒe nuwo katã le asiwò me, ɖeko megade asi eya ŋutɔ ŋu o. Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me.


Eye Kain da kple srɔ̃a, eye wòfɔ fu dzi Henox. Eye wòtso du, tso via ƒe ŋkɔ na du la bena Henox.


Ke Yona tso, be yeasi le Yehowa ŋku me ayi Tarsis. Eye esi wòva Yafo, eye wòkpɔ ʋua ɖe, si le Tarsis yi ge la, exe fe, eye wòɖoe, be yeasi atso Yehowa ŋku me ayi Tarsis kpli wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite