Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 4:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Wòe nyãm egbe tso agbledenyigba la dzi; madzo le wò ŋkuta anye tsatsala kple godzela le anyigba dzi, eye ava me bena, amesiame, si akpɔm la, awum.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 elabena ènyam ɖa tso nye agble kple wò ŋutɔ gbɔ, èwɔm tsaglãlatsala kple godzela, eye ame sia ame si akpɔm la, adi be yeawum.”

Gade chapit la Kopi




1 Mose 4:14
27 Referans Kwoze  

Hlɔ̃tɔ kpɔ mɔ be, wòawu hlɔ̃dola, eye ne edo goe la, ekpɔ mɔ awui.


Yehowa, netsɔ naɖo tom, nu te nye gbɔgbɔ ŋu, megaɣla wo ŋku me ɖem, ne maɖi amesiwo yi aʋli me la o.


Amea ɖeke menyãa ame vɔ̃ɖiwo ɖe nu, hafi wosina o; ke ame dzɔdzɔewo ɖea dzi ɖi abe dzatavi ene.


Makpɔ gbɔdzɔe le dukɔ mawo dome o, eye wò afɔƒome magbɔ ɖe me o, Yehowa ana natsi dzi le afima, wò ŋku anɔ aƒe dzi, eye vɔvɔ̃ aɖo lãme na wò.


amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ la, tso Aƒetɔ ƒe ŋku me kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ,


Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Elabena Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yerusalem kple Yuda ŋu, vaseɖe esime wòtsɔ wo ƒu gbe le eƒe ŋku ta. Eye esi Zedekiya dze aglã ɖe Babel-fia ŋu la,


eye hlɔ̃tɔ do goe le sitsoƒedu la ƒe liƒo godo, eye hlɔ̃tɔ wu hlɔ̃dola la, ekema meɖe hlɔ̃fea ɖeke o,


alo wòlé fui heƒoe kple kɔ wòku la, ekema woawu ame la, elabena edo hlɔ̃; ne hiãtɔ do go hlɔ̃dola la, ekema wòawui.


Tete wòagblɔ na amesiwo le mia me la hã bena: Mite ɖa tso gbɔnye, mi amesiwo woƒo fi de; miyi ɖe dzo mavɔ, si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me!


Eyata woanɔ abe ŋdililikpo kple zãmu, si nu yina le ŋdi ene, abe tsro, si ya kplɔna dzonɛ le lugbɔƒe, kple dzudzɔ, si toa fesre nu ene.


alo wode ko to la, kpo ɖa, xaxa kple viviti li; xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me woatutu wo ade.


Woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ atutui aƒu anyi; ke ame dzɔdzɔe la akpɔ sitsoƒe le eƒe ku me.


Amea ɖeke meganɔ anyi nɛ, si ave enu o, eye amea ɖeke megakpɔ nublanui na eƒe tsyɔ̃eviwo o!


Viawo nenɔ tsa glãla tsam anɔ nu biam, eye woadi nu le adzɔge tso woƒe aƒedowo gbɔ!


Azɔ kpɔ ɖa, ƒome blibo la tso ɖe wò dɔlanyɔnu ŋu gblɔ bena: Ɖe amesi wu nɔvia la de asi, ne míawu ɖe nɔvia, si wòwu la, ƒe agbe teƒe, eye míatsrɔ̃ domeɖula hã ɖa! Eye wole didim be, yewoatsi nye dzoka, si kpɔtɔ ɖi la, ne ŋkɔ kple dzidzimevia ɖeke maganɔ srɔ̃nye si le anyigba dzi o.


Made vɔvɔ̃ lã me na mia dometɔ, siwo susɔ ɖe woƒe futɔwo ƒe anyigba dzi, eye aŋgba, si ʋu ya anyẽ wo, eye wòasi, abe alesi wosina le yi nu ene, eye wòadze anyi, wònye amea ɖeke mele wo nyãm o hafi.


Maɖe ŋku ata mi, miaƒe futɔwo asi mí, eye miaƒe adikãtɔwo aɖu mia dzi, eye ne amea ɖeke mele mia nyãm o hã, miade afa du me.


Tete wònyã ame la, eye wòna Kerubiwo tsɔ yi, si trɔa eɖokui, eye wòklẽna abe dzo ƒe aɖe ene la, ɖanɔ Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome, bena woadzɔ agbeti la mɔ nu.


Eye Kain gblɔ na Yehowa bena: Nye vodada la kpe wu nye tsɔtsɔ.


Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme, eye àsubɔ mawu bubu, siwo nye ati kple kpe, eye mia kple fofowòwo mienyã o la, le afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite