Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 39:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Le nusiawo megbe la eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔa ahiãmoe ɖom ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ bena: Va mlɔ gbɔnye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Le ɣeyiɣi siawo me la, Potifar srɔ̃ de asi ahiãmoɖoɖo na Yosef me, eye gbe ɖeka la, egblɔ na Yosef be wòadɔ kpli ye.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 39:7
19 Referans Kwoze  

Esi wòtsɔe nɛ, be woaɖu la, elée gblɔ nɛ bena: Nɔvinyenyɔnu, va mlɔ gbɔnye!


ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye.


Towo to vovo le wò gbolowɔwɔ me tso nyɔnu bubuwo tɔ gbɔ, womedi ahiã wò o, eye wòa nèxe fe ɖe eta, evɔ wònye wòe woaxe fe na hafi; ale tɔwò to vovo sã.


Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.


ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke kpɔ nyɔnua ɖe wòdzroe la, ewo ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.


Nyɔnu ahasitɔ, si ɖe ŋutsu bubu ɖe srɔ̃a te, nènye!


Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu?


èwɔ nuxeƒewo ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi, eye nedo ŋunyɔ wò tugbedzedze; èke ata na amesiwo katã va yina, eye nena wò gbolowɔwɔ sɔ gbɔ ɖe edzi.


Woklo tsidzadza, eye keletsi hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo li na wò, eye ŋu gbe wò kpekpe.


Elée hegbugbɔ nu nɛ, eye wòɖo ŋku me kplalaa gblɔ nɛ be:


ne magatsɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo na ame tutɔwo kple wò ƒewo na ŋutasẽla o;


ne wòaɖe wò tso ame tutɔ srɔ̃ si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami de eƒe nyawo la, si me,


Ɖe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu. Gbo agbem le wò mɔ dzi!


mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Vinye, ne nuvɔ̃wɔlawo le nuwò blem la, megalɔ̃ edzi o!


Elabena gbolo ɖe wòɖia gbɔ ame vaseɖe abolo dzi, eye nyɔnu srɔ̃tɔ le agbe xɔasi la minyam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite