Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 39:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 ele eƒe avɔ, eye wògblɔ bena: Va mlɔ anyi kplim! Ke egblẽ eƒe avɔ la ɖe esi me, eye wòsi do go le aƒea me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Potifar srɔ̃ va lé awu ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Dɔ gbɔnye!” Yosef ʋli le esi, ke le ʋiʋlia me la, eƒe dziwui tsi nyɔnu la si. Yosef si do le xɔa me.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 39:12
16 Referans Kwoze  

Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,


Eye mekpɔ be, nusi vena wu ku, enye nyɔnu, si nye ɖɔ vena kaɖikaɖi wu ku ɖeɖe sɔŋ, ete dzi nye mɔ̃ka, eye eƒe asiwo nye kunyowu. Amesi ƒe nu nyo Mawu ŋu la, sina le enu, ke eɖea nuvɔ̃wɔlawo.


Ɖe ɖokuiwò le esi abe sãde ene, eye abe xevi tso mɔ̃trela si me ene.


Na wò mɔ naƒo asa nɛ, eye megagogo eƒe aƒe ƒe ʋɔtru o,


Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.


Eye wonɔa nya sia gblɔm na Yosef ŋkeke sia ŋkeke, ke melɔ̃ be, yeamlɔ egbɔ, eye yeade asi eŋu o.


Ke egbe, eye wògblɔ na eƒe aƒetɔ srɔ̃ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ megatsɔ ɖeke le aƒea ƒe nya me o, eye wòtsɔ eƒe nuwo katã ɖe asi nam.


ekema vinye, megazɔ ma ɖeka dzi kpli wo o, eye nahe wo afɔ ɖe megbe tso wo toƒe wo.


Ke esi Samuel trɔ be, yeadzo la, ele eƒe awu ʋlaya toga, eye wòdze.


Gbe ɖeka esi wòva aƒea me, be wòawɔ eƒe dɔwo, eye aƒeametɔa ɖeke meli o la,


Esi wòkpɔ be, egblẽ eƒe avɔ ɖe ye si hesi do go la,


Esi wòtsɔe nɛ, be woaɖu la, elée gblɔ nɛ bena: Nɔvinyenyɔnu, va mlɔ gbɔnye!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite