Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




1 Mose 39:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye wonɔa nya sia gblɔm na Yosef ŋkeke sia ŋkeke, ke melɔ̃ be, yeamlɔ egbɔ, eye yeade asi eŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke Potifar srɔ̃ ganɔ nya la ƒom ɖe Yosef nu kokoko gbe sia gbe, gake Yosef do tokui, eye wòdea axa nɛ ale si wòate ŋui.

Gade chapit la Kopi




1 Mose 39:10
21 Referans Kwoze  

Ke egbe, eye wògblɔ na eƒe aƒetɔ srɔ̃ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ megatsɔ ɖeke le aƒea ƒe nya me o, eye wòtsɔ eƒe nuwo katã ɖe asi nam.


Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,


Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu.


Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me!


Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.


Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.


Elabena nyɔnu ahasitɔ la, ʋe globo wònye, eye vudo xaxɛ nye gbolo.


Gboloƒe nu laʋe goglo wònye; amesi Yehowa ƒe dɔmedzoe xe hã la, eyae gena ɖe eme.


ne woadzra wò ɖo tso nyanu tutɔ si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la si me.


Na wò mɔ naƒo asa nɛ, eye megagogo eƒe aƒe ƒe ʋɔtru o,


Elabena nyɔnu tutɔ ƒe nuyi le anyĩtsi tsyɔm, eye eƒe veme zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ wu ami;


ne wòaɖe wò tso ame tutɔ srɔ̃ si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami de eƒe nyawo la, si me,


ekema vinye, megazɔ ma ɖeka dzi kpli wo o, eye nahe wo afɔ ɖe megbe tso wo toƒe wo.


„Amesi nye gegeme la, neva dze afi!“ Eye wole gbɔgblɔm na nunyalawo be:


Ebɔbɔ nɔ zikpui dzi le eƒe aƒe ƒe agbalinu le dua ƒe kɔkɔƒe,


Elée hegbugbɔ nu nɛ, eye wòɖo ŋku me kplalaa gblɔ nɛ be:


Eyata mele didim bena, ahosi, siwo metsi haɖe o la, naɖe srɔ̃, adzi viwo, akpa woƒe aƒewo dzi, bene woagaɖe mo na adikãtɔ la, ne wòadzu hame la o.


Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?


Gbe ɖeka esi wòva aƒea me, be wòawɔ eƒe dɔwo, eye aƒeametɔa ɖeke meli o la,


E, ede xa ɖi abe adzodala ene, eye wole ame dzegowo dzim ɖe dzi le amegbetɔwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite